Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 5:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Miku lãdzo le Gibea, eye miku kpẽ le Rama! Mido aƒa le Bet-Awen be: Benyamin, kpɔ megbewò!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 “Miku lãdzo le Gibea, eye miaku kpẽ le Rama. Mido aʋaɣli sesĩe le Bet Aven. O Benyamin, kpɔ megbewò ɖa!

Gade chapit la Kopi




Hosea 5:8
20 Referans Kwoze  

Wogbẽ wòtso me abe le Gibea ŋɔli ene; ado ŋu woƒe vodadawo, eye wòahe to le woƒe nuvɔ̃wo ta.


Israel, ne éwɔ gbolo la, Yuda megaɖi fɔ o dzro! Eyata migava Gilgal o, migayi Bet-Awen o, eye migaka atam gblɔ bena: „Miele Yehowa ƒe agbe“ o!


Miku kpẽ le Zion, mido aƒa le nye to kɔkɔe la dzi! Anyigbadzitɔwo katã nedzo nyanyanya, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔna, etu aƒe!


Migblɔe fia le Yuda, eye miɖe gbe ƒãe le Yerusalem be: „Miku kpẽ le anyigba la dzi!“ Mihe vekati míado ɣli be: „Miƒo takpli, eye mina míayi du sesẽwo me!“


Samuel dzo yi Rama, eye Saul yi eƒe xa nu le Saul ƒe Gibea.


Tsɔ kpẽ ɖo nu! Egbɔna Yehowa ƒe aƒe la dzi abe hɔ̃ ene! Elabena wotu nye nubabla la, eye wosẽ to de nye seawo ŋu.


Woto to dome mo, eye wotsi Geba dɔ. Rama dzo nyanyanya, Saul ƒe Gibea de afɔ du me!


Wotso Efrayim, amesi ƒe agunu le Amalek, eye Benyamin to wo megbe va ge ɖe woƒe amehawo dome. Tatɔwo ɖi abu tso Maxir kple Zebulon, amesiwo si tsiameti la le.


Miku kpẽ le Zion, miɖo nutsitsiɖɔ kɔkɔe, eye miɖe gbe ƒã takpegbe!


Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo le Bet-Awen ƒe nyivi la ŋuti; elabena esubɔlawo le nu xam le eta, eye eƒe trɔ̃nuawo le dzodzom nyanyanya, le esi eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ ta.


Mi Benyamin-viwo, misi tso Yerusalem! Miku kpẽ le Tekoa, eye mitu aflaga ɖo Bet-Hakerem; elabena dzɔgbevɔ̃e kple gbegblẽ gã tso anyiehe gbɔna.


Etsɔ ɖeka ɖo Betel, eye wòtsɔ evelia ɖo Dan.


Ne woɖe ame adre na le viaŋutsuwo dome, ne míahe wo ɖe ati ŋu na Yehowa le Saul, amesi nye Yehowa ƒe ame tiatia la ƒe Gibea. Eye fia la gblɔ be: Maɖe wo ana


Tete Israel-ame tsitsiwo katã va kpe ta ɖe Samuel gbɔ le Rama,


Emegbe wòtrɔna va Rama, elabena afima eƒe xɔnu le, eye wodrɔ̃a ʋɔnu na Israel le afima, eye woɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.


Eye Yosua dɔ ŋutsuwo tso Yerixo ɖo ɖe Ai, si le Bet-Awen gbɔ, le Betel ƒe ɣedzeƒe gome hegblɔ na wo bena: Miyi ɖatsa ŋku le nuto la me! Tete ŋutsuawo yi ɖatsa ŋku le Ai,


Ɖe wokua kpẽ le du me, eye vɔvɔ̃ gbea amewo ɖoɖoa? De dzɔgbevɔ̃e dzɔna le du me, eye menye Yehowa ye wɔe oa?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite