Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 5:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Yehowa yomee wotrɔ nu le, elabena wodzi vi tutɔwo; azɔ dzinu yeye aɖu woawo kple woƒe anyigbawo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Wometo nyateƒe na Yehowa o, elabena wodzi ahasiviwo. Azɔ dzinu yeye ƒe ŋkekenyui aɖu wo kple woƒe nunɔamesiwo.

Gade chapit la Kopi




Hosea 5:7
15 Referans Kwoze  

Ke woawo tu nyee nubabla la abe Adam ene, eye wotrɔ ʋu le yonyeme le afima.


Israel ƒe aƒe, Yehowa be: Alesi nyɔnu dzea go tsoa srɔ̃a gbɔ la, nenema miedze go tso gbɔnyee!


Mèsee kpo alo nyae o, eye wò to meke ɖe eŋu tsã o, elabena menyae be, ame mawɔnuteƒe nènye, eye godzela woyɔna na wò tso dɔ me ke.


Metsrɔ̃ lãkplɔvi etɔ̃ ɖa le dzinu ɖeka me; woƒe nu ti kɔ nam, eye nye nu ti kɔ na woawo hã.


Eyata ne azã ɖo edzi la, maɖe bli kple wein ɖa, eye maxɔ nye ɖeti kple nye anazi, si wòtsɔna xea eƒe amae la.


Mihe nye kple mia dada, mihe nya kplii; elabena menye srɔ̃nye wonye o, eye menye srɔ̃aŋutsua menye o. Miɖe eƒe gbolowɔwɔ le mo nɛ, eye eƒe ahasiwɔwɔ nage le akɔta nɛ,


Eyata gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nye nyawo katã maganɔ anyi eteƒe nadidi o. Nya, si megblɔ la, ava me, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Yehowa be: Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe dze go ɖem.


Míeda vo, eye miegbe Yehowa, miede megbe tso mia Mawu la gbɔ, eye míeƒo ŋutasesẽ kple godzedze ƒe nu, míefa alakpanya ƒe tu, eye míedzii tso dzi me.


Hem do goe, eye naɖem tso amedzroviwo si me, amesiwo ƒe nu daa alakpa, eye woƒe nuɖusi nye aʋatsoka nuɖusi;


Do wò asi ɖa tso dzi, eye nahem ado goe, ɖem tso tɔ gãwo me kple amedzroviwo si me,


Melé fu miaƒe dzinu yeyewo kple miaƒe ŋkekenyuiewo, wòzu agba nam, eye wo tsɔtsɔ glom.


Baba na wo, elabena wodzo le gbɔnye! Gbegblẽ neva wo dzi, elabena wotrɔ ʋu le yonyeme! Mebe, maɖe wo, ke woawo da alakpa ɖe asinye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite