Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 5:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Woatsɔ woƒe alẽwo kple nyiwo ayi Yehowa di gee, ke womakpɔe o, elabena eɖe eɖokui ɖa tso wo gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Mlɔeba la, woava do kple woƒe alẽwo kple nyiwo be woasa vɔ na Yehowa, gake womakpɔe o, elabena eɖe eɖokui ɖa tso wo gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Hosea 5:6
23 Referans Kwoze  

Miadim, eye miakpɔm o, eye afisi nye la mele la, miawo la miate ŋu ava o.


Ekema woayɔm, eya nyematɔ o; woadim, ke womakpɔm o.


Eye wògblɔ nam bena: Amevi, èle nusi wɔm wole la kpɔma? Ŋunyɔnu gã Israel ƒe aƒe la le wɔwɔm le afisia, ne wòatsɔ anyãm ɖa le nye kɔkɔeƒe la ŋu; ke ègale ŋunyɔnu gãwo kpɔ ge.


Eɣla ɖokuiwò ɖe alilikpo me, ale be gbedodoɖaa ɖeke meɖi go ɖe egoɖo o.


Migaɖo dzi ɖe akpanya, si wole gbɔgblɔm be: „Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔe nye esia la ŋu o!


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa enye ŋunyɔ na Yehowa: ke nuteƒewɔlawo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.


Ke ete eɖokui heyi gbedzi, eye wòdo gbe ɖa.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava wo dzi, esi me womaɖe le o, eye woaɖo ɣli nam, ke nyemaɖo towo o.


Amesi wu nyitsu la, sɔ kple amesi wu ame, amesi tsɔ alẽvi sa vɔe la, sɔ kple amesi tro kɔ le avũ nu, amesi sa nuɖuvɔ la, sɔ kple amesi tsɔ haʋu sa vɔe, amesi do dzudzɔ ʋeʋẽe la, sɔ kple amesi kafua trɔwo. Alesi amesiawo ɖaa woawo ŋutɔ ƒe mɔ, eye woƒe luʋɔ kpɔa dzidzɔ le woƒe ŋunyɔnuwo ŋu la,


Meʋu ʋɔa na nye lɔlɔ̃tɔ, ke nye lɔlɔ̃tɔ trɔ dzo, ebu. Luʋɔ dzo le tanye, esime wòƒo nu. Medii, nyemekpɔe o; meyɔe, gake metɔ nam o.


Ŋunyɔ enye ame vɔ̃ɖi ƒe vɔsa, aleke wòahanɔ, nenye ŋukpenanuwɔwɔ ta wohee vɛ ɖo?


Mose ɖo ŋu bena: Miele mía viwo kple míaƒe amegã ɖeɖiwo kplɔ ge ɖe asi; miele mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo, miaƒe alẽwo kple míaƒe nyiwo kplɔ ge ɖe asi; elabena ŋkekenyuie ɖu ge míeyina na Yehowa.


Emegbe woado ɣli ayɔ Yehowa, ke matɔ na wo o, eye wòaɣla ŋku me ɖe wo ɣemaɣl le woƒe nuwɔua vɔ̃ɖlwo ta.


Eyata nye hã mawo nu le dziku me, nye ŋku makpɔ nublanui o, eye nyemakpɔ wo ta o; eye me wodo ɣli ɖe to me nam sesĩe hã la, nyemasee na wo o.


Ke wò la megaɖe kuku ɖe dukɔ sia ta o, megaƒo koko, eye megado gbe ɖa ɖe wo ta o, elabena ne wodo ɣli yɔm le woƒe hiã me la, nyemaɖo to wo o.


Ne wotsi nu dɔ la, nyemase woƒe konyifafa o, eye ne wosa numevɔ kple nuɖuvɔ la, madze ŋunye o; boŋ matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wòe.


Wowu nye vɔsalãwo, ne woaɖu lã; woƒe nu medze Yehowa ŋu o Azɔ aɖo ŋu woƒe voɖaɖawo, ahe to na wo le woƒe nuvɔ̃wo ta, eye woagagbugbɔ ayi Egipte.


Esi mia dometɔ ɖeka nahatu agboawo, be miaganɔ dzo dom ɖe nye vɔsamiekpui dzi ɖe yakatsyɔ teƒe o ɖe! Miaƒe nu medze ŋunye o, eye nyemele vɔsanua ɖeke dim tso; mia si o, Yehowa. Zebaot ye gblɔe.


Woanɔ ya mum tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, eye woanɔ tsatsam tso anyiehe yi ɣedzeƒe, ne woadi Yehowa ƒe nya, ke womakpɔe o


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite