Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 5:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Woƒe nuwɔnawo xe mɔ na wo, be womagatrɔ ɖe woƒe Mawu ŋu o, elabena ahasiwɔgbɔgbɔ le wo me, eye womedze si Yehowa o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 “Miaƒe nuwɔwɔwo mate ŋu ana miatrɔ ava miaƒe Mawu la gbɔ o, elabena gbolowɔwɔ ƒe gbɔgbɔ le miaƒe dzi me ke, eye le esia ta miate ŋu anya Yehowa o.

Gade chapit la Kopi




Hosea 5:4
22 Referans Kwoze  

Nye dukɔ le gbe biam eƒe atiwo, eye eƒe atizɔti tea nya nɛ. Elabena ahasiwɔgbɔgbɔ kplɔ wo trae, wowɔ ahasi, eye wotrɔ le woƒe Mawu yome.


Eye woawɔ esiawo, elabena womenya Fofo la kple nye hã o.


Eye mienyae o, gake nye la menyae, eye ne megblɔ bena, nyemenyae o la, ekema manye aʋatsokala abe miawo ke ene; gake menyae, eye medzra eƒe nya la ɖo.


Woatsrɔ̃ nye dukɔ, le esi sidzedze mele esi o ta; elabena èɖo vlo sidzedze, eyata nye hã mado vlo wo be, maganye nunɔla nam o; èŋlɔ wo Mawu ƒe se la he, eyata nye hã maŋlɔ viwòwo be.


Israel-viwo, mise Yehowa ƒe nya, Yehowa le dzre hem kple, anyigbadzitɔwo, elabena nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple sidzedze Mawu mele anyigba dzi o.


Kuɖiɖi neva na woƒe tsiwo, ne woamie! Elabena legbawo ƒe anyigba wònye, eye wotsɔ ŋɔdzinuwo le adegbe ƒomee.


Mana dzi wo, ne woatsɔ adze sim be, nyee nye Yehowa; woanye dukɔ nam, eye manye Mawu na wo, nenye be wotrɔ ɖe ŋunye tso woƒe dzi blibo me.


Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, esi mahe to na aʋatsotsotɔwo kple bolotɔwo katã:


Eyata ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpɔ ɖa, malólo wo, eye mado wo akpɔ; elabena aleke mawɔ le nye dukɔ ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ ta?


ne womaganɔ abe wo fofowo, ƒome sẽto dzeaglã, ƒome, si ƒe dzi meli ke o, eye eƒe gbɔgbɔ meku ɖe Mawu ŋu le nyateƒe me o la ene o.


Yehowa enye mɔ̃ sesẽ na hiãtɔwo, enye mɔ̃ sesẽ le xaxaɣiwo me.


Ke Eli viŋutsuwo nye ame vlowo, eye wometsɔ ɖeke le Yehowa ƒe nya


Nyemahe to na miaƒe nyɔnuviwo le esi wole gbolo wɔm ta o, eye nyemahe to na miaƒe toyɔvinyɔnuwo le esi wole ahasi wɔm ta o; elabena woawo ŋutɔwo kplɔ ahasitɔwo de kpɔe, eye wosa vɔ kple gbolowo, ale be dukɔ manyanu la dze anyi.


Efrayim le abe ahɔne tsibome, si nunya mele tagba na o la ene: wole Egipte yɔm, eye woyi Asur.


Alé ku abe nyɔnu, si le vi dzim ene; vi manyanu wònye, elabena ne azã de la, metoa vidzimɔ nu o.


Amatrewɔwɔ, wein kple aha yeye ɖe wòɖoa lã ame.


Elabena Efrayim ɖi vɔsamlekpuiwo kpaŋkpaŋ, ne wòatsɔ awɔ nutala, eye vɔsamlekpuiawo zu nuvo nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite