Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 4:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Nye dukɔ le gbe biam eƒe atiwo, eye eƒe atizɔti tea nya nɛ. Elabena ahasiwɔgbɔgbɔ kplɔ wo trae, wowɔ ahasi, eye wotrɔ le woƒe Mawu yome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Elabena wole gbe biam ati si nye nu dzodzro la be negblɔ nu si yewoawɔ la na yewo. Atizɔtie wodana ɖi be negblɔ nyateƒe la na yewo. Ale voduwo yometiti vivivo wɔ wo movitɔwoe, elabena wowɔ ahasi, gbe nu le woƒe Mawu gbɔ hedze mawu bubuwo yome.

Gade chapit la Kopi




Hosea 4:12
25 Referans Kwoze  

Woƒe nuwɔnawo xe mɔ na wo, be womagatrɔ ɖe woƒe Mawu ŋu o, elabena ahasiwɔgbɔgbɔ le wo me, eye womedze si Yehowa o.


amesiwo le gbɔgblɔm na ati be: Wòe nye mía fofo, eye na kpe be: Wòe dzi mí. Elabena wòtrɔ ʋume dem, eye menye ŋku me o; ke wole gbɔgblɔm le woƒe hiãɣi be: Tso naɖe mí!


Baba na amesi lé gbɔgblɔm na ati be: Nyɔ! eye na kpe maƒonu be: Fɔ! Ɖe wòate ŋu afia nu amea? Kpɔ ɖa, sika kple klosalo wotsɔ fa ɖe eŋu, eye gbɔgbɔ ku ɖeka hã mele eme o.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, ne èmlɔ tɔgbuiwòwo gbɔ la, ekema dukɔ sia atso adze anyigba, si dzi yim wole la, ƒe mawuwo yome, woagblẽm ɖi, eye woatu nu, si mebia kpli wo la.


Ne miekpɔ gboawo la, ekema miaɖo ŋku Yehowa ƒe seawo katã dzi, eye miawɔ wo dzi, bena miagadze miaƒe dziwo kple ŋkuwo yome awu nusi wodi la o.


Ne amea ɖe le ya yome lelele, eye wòɖa alakpa be: „Magblɔ nya na mi le wein kple aha muame ŋu“ la, eya anye nyagblɔla asɔe na dukɔ sia.


Israel, megakpɔ dzidzɔ o, megatso aseye abe ɖukɔwo ene o! Elabena èwɔ gbolo, ètrɔ ʋu le wò Mawu yome, eye nelɔ̃ gbolonunana le lugbɔƒewo katã.


Dza nu le ɖusi kple mia me afisiafi, si wò nu trɔ ɖo!


Wo katã wodzɔ lã, eye wòzu bometsilawo; wohe to na legbawo, ati wonye.


Elabena amesiwo te ɖe aga le ŋuwò la, woegblẽ; àtsrɔ̃ amesiwo katã trɔ ʋu le yowòme la.


ke boŋ neto Israel-fiawo ƒe ʋe me, eye nena Yuda kple Yerusalemtɔwo subɔ trɔ̃wo abe Axab ƒe aƒe ene, eye nèwu nɔviwòwo hã, amesiwo tso fofowò ƒe me, eye wonyo wu wò la,


ekema nye ŋku anɔ ame la kple eƒomeawo ŋu, eye matsrɔ̃ ame la kple amesiwo katã dze eyome hesubɔ Molex la, le woƒe dukɔ la dome.


Womegatsɔ woƒe lãwo sa vɔ na azizã, siwo wosubɔna la o. Ɖoɖo mavɔ wòanye na wo kple woƒe dzidzimeviwo.


Wotsɔ woƒe dɔwɔwɔwo ƒo di wo ɖokui, eye wozu ame dzegowo to woƒe nuwɔwɔwo me.


Mihe nya ɖe asi, eye mitrɔ ɖe Yehowa ŋu! Migblɔ nɛ he; „Tsɔ vodadawo katã ke, eye wò dɔme neganyo, ekema míana nyitsu, siwo ŋugbe míedo, kple míaƒe nuyiwo la!


Eye wogblɔ nɛ bena: Bia Mawu na mí kpɔ be, azɔli, si dzi miele la, adze edzi na mí hã?


Elabena Israel-viwo wɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa, woƒe Mawu, si kplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi tso Egipte-fia Farao ƒe ŋusẽ nu la ŋu, eye wovɔ̃ mawu bubuwo.


Mekpɔ bometsinuwɔwɔ le nyagblɔɖila, siwo le Samaria la hã ŋu: Wogblɔ nya ɖi to Baal dzi, eye wokplɔ nye dukɔ Israel trae.


Nusi ɖo ta me na mi lã, mava me akpɔ o, esime miele gbɔgblɔm bena: Míanɔ abe dukɔwo kple anyigbawo ƒe ƒomeawo ene, ne míasubɔ ati kple kpe.


Mekpɔ nusi mele gbɔgblɔ me o la, le Israel ƒe aƒe le me; Efrayim tsɔ ahasiwɔwɔ do dɔe le afima, eye Israel do gu eɖokui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite