Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 4:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Amatrewɔwɔ, wein kple aha yeye ɖe wòɖoa lã ame.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 eye wotsɔ wo ɖokuiwo na gbolowɔwɔ, wain, kple aha yeye, eye nu siawo na nye dukɔ zu bometsilawo.

Gade chapit la Kopi




Hosea 4:11
15 Referans Kwoze  

Fewuɖula enye wein, eye zidola enye aha muame, amesi wòmu la, madze nunya o.


Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o;


Ke wein le ya mum amesiawo hã, eye aha muame na wole yiyim sagãsagã. Aha muame le ya mum nunɔla kple nyagblɔɖila, wein toto ta me na wo, eye aha muame na wole yiyim sagãsagã; wole ya mum le nyagblɔɖi gbɔ, eye wole yiyim sagãsagã le afiatsotso gbɔ.


Nye dukɔ le gbe biam eƒe atiwo, eye eƒe atizɔti tea nya nɛ. Elabena ahasiwɔgbɔgbɔ kplɔ wo trae, wowɔ ahasi, eye wotrɔ le woƒe Mawu yome.


Kasaŋkuwo, saŋkuwo, asiʋuiwo kple dzewo kpakple wein kpena ɖe woƒe aglotutu la ŋu; ke womeɖea ŋku ɖe Yehowa ƒe dɔwɔwɔ o, eye womekpɔa eƒe asinudɔwɔwɔ o.


Elabena sesẽnuɖuɖu doa bometsila nunyalawo, eye zãnunana gblẽa dzi.


Gake amesi wɔ ahasi kple nyɔnua ɖe la, tagbɔ gbegblẽtɔ wonye; amesi le didim be, yeatsrɔ̃ yeƒe agbe la, eyae wɔa ale nusia tɔgbe.


Ne mia kple viwòŋutsuawo miele Mawu ƒe agbadɔ la me yi ge la, migano wein alo aha muamea ɖeke o, bena miagaku o. Ɖoɖo mava wòanye na miaƒe dzidzimeviwo.


Esi Abigail va Nabal gbɔ la, kpɔ ɖa, etu aglo ɖe eƒe me, abe alesi fia tua agloe ene, eye Nabal kpɔ dzidzɔ hemu aha wòtso me; ke megblɔ nya sue alo geɖe nɛ, vaseɖe esime ŋu ke o.


Lemuel, menye fiawo ƒe dɔ o, wein nono menye fiawo ƒe dɔ o, eye aha muame menye amegãwo ƒe dɔ o!


Efrayim le abe ahɔne tsibome, si nunya mele tagba na o la ene: wole Egipte yɔm, eye woyi Asur.


Mekpɔ bometsinuwɔwɔ le nyagblɔɖila, siwo le Samaria la hã ŋu: Wogblɔ nya ɖi to Baal dzi, eye wokplɔ nye dukɔ Israel trae.


Woƒe nuwɔnawo xe mɔ na wo, be womagatrɔ ɖe woƒe Mawu ŋu o, elabena ahasiwɔgbɔgbɔ le wo me, eye womedze si Yehowa o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite