Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 2:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena wo dada wɔ ahasi, eye wo nɔ wɔ ŋukpenanu; elabena egblɔhe: Madze nye ahiãviwo yome, woawoe tsɔa abolo kple tsi, ɖetifu kple anazi, ami kple nunono nam.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 eye ne eti eƒe lɔlɔ̃tɔwo yome la matu wo o. Adi wo kple ŋkubiã gake makpɔ wo o. Ekema agblɔ na eɖokui be, ‘Anyo ne metrɔ yi ɖe srɔ̃nye gbɔ, elabena esi menɔ egbɔ la, nuwo dze edzi nam wu fifia.’

Gade chapit la Kopi




Hosea 2:7
41 Referans Kwoze  

Yi ɖaɖe gbe ƒã ɖe Yerusalem ƒe to me bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Meɖo ŋu wò ɖetugbime dɔmenyo kple wò ŋugbetɔnyenye ƒe lɔlɔ̃ na wò, esime nekplɔm ɖo to gbedadaƒo, to anyigba, si dzi womeƒãa nu ɖo o.


Efrayim kpɔ dɔléle, si le eŋu, eye Yuda kpɔ eƒe abiwo; tete Efrayim yii Asur, eye wòdɔ ame do ɖe fia Yareb; ke mate ŋu ada gbe te mia ŋu o, eye mayɔ dɔ miaƒe abiwo o.


Esi wokpɔ gbeɖuƒe la, woɖu nu ɖi ƒo; eye esi woɖi ƒo la, woƒe dzi de esi dada me, eye woŋlɔm be.


Woƒe ŋkɔwo nye: xoxoetɔ nye Ohola, eye nɔvianyɔnu nye Oholiba, wozu tɔnye, eye wodzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Woyɔ Ohola be Samaria, eye Oholiba be Yerusalem.


Ɖe tsinala le dukɔwo ƒe trɔ wo domea, eye ɖe dziƒo ate ŋu ana tsi nadza? De menye wò Yehowa ye nye mía Mawu oa? Asiwò nu kpɔm miele, elabena wòe wɔ nusiawo katã!


Esi Samaria sẽ to ɖe eƒe Mawu ŋu la, eyata akpɔe ɖe enu; woatsi yi nu, woaxlã woƒe vidzĩewo ɖe nu, eye woadze ƒo le woƒe funɔwo nu.


Magagbugbɔ ayi nɔnyieƒe, vaseɖe esime woafufu ŋku ahadi nye ŋku me; ne wodo xaxa me la, woadi yonyeme mɔ.


Wonyãe le amegbetɔwo dome, eye eƒe dzi zu abe la tɔ ene, enɔ gbetedziwo gbɔ, wona gbee wòɖu abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime wòdze sii be, Mawu dziƒoʋĩtɔ la kpo ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔnɛ na.


Anyigbadzitɔwo katã meɖi naneke nɛ o, eye wòwɔa dziƒo ŋu nuwo kple anyigbadzitɔwo alesi dze eŋu, eye amea ɖeke meli alé eƒe asi agblɔ be, nuka nye esi wɔm nèle hã o.


Nusiawo katã va fia Nebukaɖnezar dzi.


Ati gã lolo, si nèkpɔ wòkɔ ɖatɔ dziŋgɔli, eye wòvu de anyigba blibo la dzi,


Eyata Oholiba, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, made adã ta me na wò ahiãviwo, amesiwo ƒe nu gblẽ le ŋkuwò me la, ɖe ŋuwò, eye mana woatso goawo katã me ava ƒo ɖe dziwò.


Nusi ɖo ta me na mi lã, mava me akpɔ o, esime miele gbɔgblɔm bena: Míanɔ abe dukɔwo kple anyigbawo ƒe ƒomeawo ene, ne míasubɔ ati kple kpe.


Etsɔ nye avɔ ŋɔŋɔewo tsyɔ na wo, eye nètsɔ nye ami kple nye dzudzɔʋeʋẽedonu ɖo wo kɔme.


Tete meva to ŋuwò yi, eye mekpɔ be, wò srɔ̃ɖeɣi ɖo; mekeke nye aʋala ɖe dziwò, eye metsyɔ nu wò ama, meka atam na wò, eye mebia nu kpli wò nèzu tɔnye; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Manɔ abe nusi mebia kple wo fofowo le gbesigbe melé woƒe alɔnu, be makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi, nubabla, si wotu, eye nye hã megbe wo la ene o, Yehowa ye gblɔe;


Mese Efrayim le nu xam xoxo be: „Ehe to nam, eye mena nèhe to nam abe nyivi, si womemlã o la ene; gakplɔm gbɔe, ekema matrɔ la me; elabena wòe nye Yehowa, nye Mawu.


Nukaŋuti nèwɔ kaba, be natrɔ wò azɔlime? Ŋu akpe wò ɖe Egipte hã ŋu, abe alesi ŋu kpe wò ɖe Asur ŋui ene.


Ke afika wò mawu, siwo nèwɔna ɖokuiwò la le? Woawo nètso kpɔ, be woate ŋu aɖe wò le wò hiãɣi la hã? Yuda, elabena alesi wò duwo sɔ gbɔe la, nenema wò mawuwo sɔ gbɔe!


hegblɔ bena: Kpao, ke boŋ míanɔ sɔwo dzi asi, eye míado sɔ ɖiduwo. Eyata miasi, eye mia yometilawo ado sɔ ɖiduwo.


Nye luʋɔ, gagbɔ ɖe me, elabena Yehowa wɔ nyui na wò!


Eye wògblɔ nam bena: Ne ŋutsua ɖe gbe srɔ̃a, eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, ɖe wòagagbugbɔ ayi nyɔnu la gbɔa? Ɖe magblẽ kɔ ɖo na anyigba ma oa? Yehowa be: Ke wò la èwɔ amatre kple ahasitɔwo tso, hafi nèbe, yeatrɔ ɖe ŋunyea?


Eyata, kpɔ ɖa, mable enu akplɔe ayi gbegbe, eye maƒo nu wòade dzi me nɛ.


Esa vo na Damaskotɔ, siwo sii la ƒe mawuwo gblɔ bena: Esi Aram-fiawo ƒe mawuwo kpe ɖe wo ŋu la, eyata nye hã masa vɔ na wo, ne woakpe ɖe nye hã ŋunye! Ke wòtrɔ zu mɔ̃ na eya kple Israel blibo la.


ke boŋ miawɔ ɖe nya sia nya, si do tso mía nu la nu, míado dzudzɔ na dziƒo fianyɔnu, eye miaƒo tsi ɖe anyi nɛ, abe alesi mia kple mía fofowo, míaƒe fiawo kple míaƒe amegãwo míenɔa wɔwɔm le Yuda-duwo kple Yerusalem-kpɔdomeewo, eye míekpɔa nu ɖuna ɖia ƒo, eme nyona na mí, eye míekpɔa dzɔgbevɔ̃ea ɖeke kple ŋku o la ene.


Eku ɖe Asur-viwo dzi, anyigbanunɔlawo kple amegãwo, amesiwo ŋkɔ nya, eye woɖo atsyɔ̃, wole sɔ dzi, eye wonye ɖekakpuivi dzeɖekɛwo sɔŋ.


Esi Yehowa dze nuƒoƒo gome kple Hosea la, Yehowa gblɔ na Hosea bena: Yi naɖe gbolo, ne wòadzi ahasiviwo na wò; elabena anyigba la wɔ gbolo, eye wòtrɔ le Yehowa yome!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite