Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 2:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Miyɔ mia nɔviŋutsu be „Dukɔnye“, eye mia nɔvinyɔnu be „Ame lɔlɔ̃e“.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ne egbe gale edzi la, maɖe avɔ le eŋuti wòanɔ amama abe gbe si gbe wodzii ene, eye mana wòasɔ kple gbegbe, anɔ abe kuɖiɖinyigba ene, eye mana tsikɔ nawui wòaku.

Gade chapit la Kopi




Hosea 2:3
27 Referans Kwoze  

Le wò ŋunyɔnuwo katã kple wò gbolowɔwɔwo me la mèɖo ŋu wò ɖevimenɔɣi, esime nèɖe ama le ƒeƒle hele afɔti dam le wò ʋu me la o.


Azɔ wotsɔe do ɖe gbegbe le kuɖinyigba kple anyigba ƒuƒu dzi.


Ne ègblɔ le wò dzi me be: Nukata nusia dzɔ ɖe ye dzi hã la, le wò vodada gbogboawo tae woklo taɖedzi le ŋuwò, eye woɖe ƒuƒlu wò afɔkpodzi ɖo.


Eye dzo ewo, siwo nèkpɔ kple lã la, woawo alé fu gbolo la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.


Eƒe duwo zu gbegbe, kuɖiɖinyigba kple tagba, anyigba, si dzi amea ɖeke mele o, eye amegbetɔvia ɖeke metona yina o.


Elabena ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda-fia ƒe aƒe ŋu enye si: Gilead kple Libanon-ta me nènye nam, ke mawɔ wò nazu gbegbe kple du ɖiaƒedo.


Anɔ abe fekplɔ le gbegbe ene, eye ne dzɔgbenyuie va la, makpɔe o, anɔ kuɖiɖinyigba dzi kple dzeƒee le tagba, afisi menye ame nɔƒe o.


Eyata nye hã meklo taɖedzi le ŋgɔgbe na wò, ne woakpɔ wò ŋukpe ƒe.


Lãkplɔvi geɖewo gblẽ nye weingble, wonyã avuzi le nye agble me, eye wowɔ nye dzidzɔkpɔgble wòzu gbegbe ɖeɖe sɔŋ.


Meɖo ŋku anyi, kpɔ ɖa, anyigba wɔnu zu gbegbe, wogbã eƒe duwo katã le Yehowa ŋgɔ le eƒe dɔmedzoe ƒe bibi ta.


Oo, dzidzime ka miehenye! Milé ŋku ɖe Yehowa ƒe nya ŋu. Gbegbe menye na Israel loo, alo anyigba doblukɔ tsiɖitsiɖia? Nukaŋuti nye dukɔ le gbɔgblɔm be: Miele tsa glãla tsam, eye míagava gbɔwò o?


Eye womegblɔ be: Afika Yehowa, amesi kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la le hã o; eya amesi kplɔ mí to gbe dzi, to kuɖiɖinyigba kple blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi, to anyigba, si dzi amea ɖeke metona o, afisi amegbetɔa ɖeke mele o la dzi.


Dzo fiã míaƒe aƒe kɔkɔe nyo, si me mia fofowo kafu wò le, eye míaƒe nu veviwo katã gblẽ.


Wò ama adze go, eye woakpɔ wò ŋukpeƒe. Mabia hlɔ̃, eye amea ɖeke matso mía dome o.


Anyigba le nu xam wòte eŋu, ŋu kpe Libanon, eƒe lãme gbã, Saron zu abe gbegbe ene, eye Basan kple Karmel lu xe.


Tete tsikɔ wui ŋuta, eye wòdo ɣli yɔ Yehowa gblɔ bena: Ete wò dɔla ƒe asi dzi ɖu dzi gã sia, eye azɔ tsikɔ nawum maku, eye mage ɖe bolotɔ siawo si mea?


Eye tsikɔ wu dukɔ la le afima. Eye dukɔ la ti Mose ŋu gblɔ bena: Nukaŋuti nèkplɔ mí tso Egipte, bena tsikɔ nawu mia ŋutɔwo, mía viwo kple míaƒe lãwo míaku mahã?


Medze sii be, nyee na bli, wein kple ami, klosalo kple sika geɖe, siwo ŋu dɔ wòwɔ na Baal lae o.


Bubumewo dɔa wo teviwo ɖona ɖe tsiduƒe, wovaa vudowo gbɔ, ke womekpɔa tsia ɖeke o, eye wotrɔna gbɔna ƒuƒlu kple woƒe zeawo; ŋukpe léa wo, eye woƒe mo tsia dã, eye wotsyɔa nu ta.


Elabena ne enye ati tseku le naviawo dome hã la, ɣedzeƒeya aƒo, Yehowa ƒe ahom atu tso gbegbe, ale be eƒe vudowo amie, eye eƒe tsidzɔƒewo aƒu, eye woaha eƒe kesinɔnu veviwo katã.


Ke woƒe Mawu, Yehowa Zebaot, megblẽ Israel kple Yuda ɖi wonye ahosi o; elabena anyigba ma ɖi to geɖe ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite