Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 2:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ale Yehowa gblɔ esi: Le ɣemaɣi la mase dziƒo ƒe gbe, eye dziƒo ase anyigba ƒe gbe;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Maɖo nye dukɔ Israel te na ɖokuinye le anyigba dzi, eye maɖe nye lɔlɔ̃ afia ame si meyɔ be ‘Menye nye lɔlɔ̃tɔe o.’ Magblɔ na ame siwo woyɔna be, ‘Mienye nye dukɔ o’ la be ‘Mienye nye dukɔ’; eye woawo hã agblɔ be, ‘Wòe nye mía Mawu.’ ”

Gade chapit la Kopi




Hosea 2:23
33 Referans Kwoze  

Matso akpa etɔ̃liawo ɖeka aɖe dzo me ahalóloe, abe alesi wolóloa klosalo ene, eye madoe akpa, abe alesi wodoa sika kpɔna ene Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo; magblɔ be: Nye dukɔ nye esi, eye woawo agblɔ be: Yehowa enye nye Mawu!


Alo ɖe Mawu nye Yudatɔwo ɖeɖeko tɔ, eye menye trɔ̃subɔlawo to hã oa? Ẽ, trɔ̃subɔlawo to hã wònye:


Hee! Mi amesiwo le Babel-nyɔnuvi gbɔ, misi yi Zion!


Hiãtɔwo aɖu nu aɖi ƒo; amesiwo biaa Yehowa ta sena la, nekafui! Agbe neɖo miaƒe dzi ŋu tegbee!


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Eye wògafɔ fu dzi nyɔnuvi. Tete wógblɔ nɛ bena: Tsa ŋkɔ na be „Amemalɔ̃e,“ elabena nyemagakpɔ nublanui na Israel ƒe aƒe la atsɔe anɔ wo kem ɖaa o.


Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye maƒã amegbetɔwo kple lãwo ƒe nuku ɖe Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe lã me.


woanye dukɔ nam, eye manye Mawu na wo.


Blu ɖe aƒla me la kple nyitsuwo ƒe ha, siwo le dukɔwo ƒe nyiviwo dome la ta; woawo, amesiwo na wonyã avuzi le wo dzi le klosalo ta. Kaka dukɔ, siwo lɔ̃a aʋawɔwɔ la hlẽ!


Yehowa, wòe nye míaƒe ŋusẽ, míaƒe mɔ̃ sesẽ kple míaƒe sitsoƒe le hiãɣi! Dukɔwo atso anyigba ƒe mlɔeanuwo ava gbɔwò agble bena: Alakpa ɖeɖe sɔŋ mía fofowo tso nyi domee, toflokowo wonye, eye womele ɖeke me o.


Nye Mawu nenye, mada akpe na wò; nye Mawu, mado wò ɖe dzi.


Eye ava me be; ɖukɔ siwo kalã ho ana ɖe Yerusalem ŋu ƒe susɔeawo katã ava ƒe sia ƒe, be yewoaɖe la agu na fia Yehowa Zebaot, eye yewoaɖu agbaɖɔŋke-kenyule la.


Yehowa anye fia ɖe anyigba blibo la nu; ɣemaɣi la Yehowa ɖeka ko anɔ anyi, eye ŋkɔ ɖeka ko anɔ eŋu.


Bli aɖo kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame, eƒe agblemenuwo ado zi abe Libanon ene, eye woaƒo se le duwo me abe gbe le anyigba dzi ene.


Mekaka wo hlẽ ɖe dukɔwo dome, eye woaɖo ŋku dzinye le didi ƒe ke, woawo kple wo viwo atsi agbe, eye woatrɔ agbɔ va aƒe.


Tɔnyee nye nye lɔlɔ̃tɔ la, eye nye hã menye etɔ, eya amesi nyia lãwo le dzogbenyawo me.


Wole ɣli dom nam be: Nye Mawu, mi Israel-viwo míedze si wò!


Amesi agblɔ be, Yehowa tɔ ye nye, ame keme atsɔ Yakob ƒe ŋkɔ na eɖokui, eye ame bubu aŋlɔ Yehowa ɖe eƒe asi ŋu, eye wòaƒo Israel ŋkɔ ɖo na eɖokui.


Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla, do gbe na ƒome wuieve, siwo ka hlẽ la.


Mianya dukɔ nam, eye ma nye Mawu na mi.


anye ne magbe Yakob kple nye dɔla Dawid ƒe ƒome, ale be nyemaɖe dziɖula tso eƒe ƒome aɖo Abraham, Isak kple Yakob ƒe ƒome la nu o. Elabena megale wo ɖo ge te, eye makpɔ nublanui na wo.


Maɖe mi atso miaƒe nu makɔmakɔwo katã me; mayɔ bli vɛ, mana wòasɔ gbɔ, eye nyemahe dɔwuame ava mia dzi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite