Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 2:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ale Yehowa gblɔ esi: Le ɣemaɣi la ãyɔm he „srɔ̃nye“, nye mãgayɔm be „nye Baal“ azɔ la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Le ɣe ma ɣi me la, mabla nu le wò kple lã wɔadãwo, xeviwo, kple lã siwo tana la dome, maŋe dati kple yi, maɖe aʋawɔwɔ ɖa le anyigba dzi, eye ame sia ame anɔ anyi le ŋutifafa me.

Gade chapit la Kopi




Hosea 2:18
27 Referans Kwoze  

Mabia ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye matsrɔ̃ lã vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, ne woanɔ gbegbe aɖe dzi ɖi, eye woatsi avewo me adɔ.


Le eŋɔli woaɖe Yuda, eye Israel ana anyi bɔkɔɔ. Eye ŋkɔ, si woava nɛ la, enye: „Yehowa, míaƒe dzɔdzɔenyenye“.


Adrɔ̃ ʋɔnu na anyigba dzi dukɔwo, eye woatso nya me na dukɔ geɖewo; woatso woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatso woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatso yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋa wowu hã azɔ o.


Miva kpa Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, amesi doa aƒedo anyigba,


Amegãxi kple alẽvi woaɖu gbe le wo nɔewo gbɔ, dzata aɖu gbe abe nyi ene, eye da ƒe nuɖuɖu anye kewɔ. Womawɔ vɔ̃a ɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye to kɔkɔe blibo la dzi o, Yehowa ye gblɔe!


Elabena mia kple agble me kpewo miabla nu, eye gbemelãwo adze xɔlɔ̃ kpli wò.


Yehowa anye fia ɖe anyigba blibo la nu; ɣemaɣi la Yehowa ɖeka ko anɔ anyi, eye ŋkɔ ɖeka ko anɔ eŋu.


Eƒe afɔ anɔ amito, si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe gome la dzi, eye amito la afe de titina kpla aɖo ta ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe; lo la ƒe afã ado ta anyiehe, eye afã aɖo ta dziehe; bali la me akeke ŋutɔ.


Ɣemaɣl la mia ɖome amesiame akpe nɔvla ayi weinka kple gbotiwo te, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Hee! Mi amesiwo le Babel-nyɔnuvi gbɔ, misi yi Zion!


Le ŋkeke mawo me la woaɖe Yuda, eye Yerusalem anɔ anyi bɔkɔɔ, eye ŋkɔ, si woayɔ nɛ la, anye „Yehowa míaƒe dzɔdzɔenyenye.“


Yehowa be: Eyata nye ɖɔla Yakob, megavɔ̃ o, Israel, dzi megaɖe le ƒowò o; elabena maɖe wò tso didiƒe kple wò ƒome tso anyigba, si dzi woɖe aboyoe yi la dzi; Yakob agatrɔ agbɔ, eye wòagbɔ ɖe eme bɔkɔɔ, amea ɖeke mado voɖi nɛ o.


Ɣemaɣi woadzi ha sia le Yuda-nyigba dzi be: Du sesẽ le mía si, etsɔ eƒe xɔname wɔ gli kple ʋewo na mí.


Woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe adegbeƒoƒo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dàda ɖe to, ne Yehowa ɖeɖeko nanye gã le ŋkeke ma dzi.


Woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe ŋku kɔkɔwo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dàda ɖe to, ale be Yehowa ɖeɖeko lanye gã le ŋkeke ma dzi.


Lãnyiƒe damawo wona metsyɔ akɔ ɖo; gbɔɖemeƒe tɔwo nu wòkplɔm yii.


Matsrɔ̃ tasiaɖam ɖa le Efrayim kple sɔwo ɖa le Yerusalem, aʋadatiwo atsrɔ̃, eye wòaɖe gbe ƒã ŋutifafa le dukɔwo dome; eƒe fiaɖuƒe atso atsiaƒu nu ayi atsiaƒu nu, eye tso tɔsisi la nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.


Àko gbegblẽ kple dɔwuame, eye mavɔ̃ anyigba dzi gbemelãwo o.


mi gbemelãwo kple aƒemelãwo kalã kpakple xevi dzogoewo;


Eye nye dukɔ anɔ ŋutifafa teƒe kple dziɖeɖi teƒewo kpakple ablɔɖe gbɔɖemeƒewo.


Amevi, gblɔ nya ɖi ɖe Gog vivi, nu, nagblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gog, kpɔ ɖa, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, wò amesi nye amegã le Ros, Mesex kple Tubal!


Elabena wɔwòla enye srɔ̃wò, eŋkɔ nye Yehowa Zebaot, eye wò ɖela enye Israel ƒe kɔkɔeto la, eŋkɔ nye xexeame blibo ƒe Mawu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite