Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 2:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Matse eƒe weingble nɛ de afima, eye nuxaxabali me la atrɔ zu mɔkpɔkpɔ ƒe agbo! Adzi ha le afima abe le eƒe ɖetugbimenɔɣi kple ɣeyiɣi, si wòʋu tso Egipte-nyigba dzi la ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Maɖe Baalwo ƒe ŋkɔwo ɖa le ŋuwò, eye màgaƒo ŋkɔ ɖo na wo azɔ o.

Gade chapit la Kopi




Hosea 2:17
8 Referans Kwoze  

Midzra nya sia nya, si megblɔ na mi la ɖo. Migaɖu mawu bubuwo ƒe tame o, eye womagase woƒe ŋkɔ hã le nua nu o.


Vevesesewo dzina ɖe dzi na amesiwo tsɔa Mawu ɖɔa li mawu bubuwoe; nyemaƒo woƒe vɔsaʋu ɖe anyi o, eye woƒe ŋkɔ mava nye nu me o.


Migatra ɖe dukɔ, siwo kpɔtɔ ɖi la, dome o, eye woƒe mawuwo ŋkɔ megava mia nu, alo miatsɔ wo aka atam o, migasubɔ wo, eye migade ta agu na wo o,


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Le ɣemaɣi la matsrɔ̃ legbawo ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi, eye womagava ŋku dzi na ame azɔ o; eye mana nyagblɔɖilawo kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo hã nu natso le anyigba dzi.


Ale miagblɔ na wo enye si: Mawu, siwo mewo dziƒoa kple anyigba o la, wo nu ayi tso anyigba dzi kple dziƒo te.


Ɣemaɣi Mose kple Israel-viwo dzi ha sia na Yehowa bena: Madzi ha na Yehowa, elabena ewo nu tsuwo, ede sɔ kple sɔdola ƒu.


wofɔ kpewo li kɔ gãa ɖe ɖe wo dzi, eye wòli vaseɖe egbe. Tete Yehowa ƒe dziku nu fa. Eyata wona ŋkɔ teƒe la bena Axor-balime, vaseɖe egbe.


Yi ɖaɖe gbe ƒã ɖe Yerusalem ƒe to me bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Meɖo ŋu wò ɖetugbime dɔmenyo kple wò ŋugbetɔnyenye ƒe lɔlɔ̃ na wò, esime nekplɔm ɖo to gbedadaƒo, to anyigba, si dzi womeƒãa nu ɖo o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite