Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 2:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eyata, kpɔ ɖa, mable enu akplɔe ayi gbegbe, eye maƒo nu wòade dzi me nɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Yehowa be, “Gbe ma gbe la ayɔm be, ‘Srɔ̃nye,’ ke menye ‘Nye Aƒetɔ’ o.

Gade chapit la Kopi




Hosea 2:16
12 Referans Kwoze  

Elabena wɔwòla enye srɔ̃wò, eŋkɔ nye Yehowa Zebaot, eye wò ɖela enye Israel ƒe kɔkɔeto la, eŋkɔ nye xexeame blibo ƒe Mawu.


Elabena wo dada wɔ ahasi, eye wo nɔ wɔ ŋukpenanu; elabena egblɔhe: Madze nye ahiãviwo yome, woawoe tsɔa abolo kple tsi, ɖetifu kple anazi, ami kple nunono nam.


Yehowa be: Mi vi dzeaglãwo, migatrɔ va, elabena nyee nye mia srɔ̃, eye maɖe ame ɖeka tso du me kple ame eve tso ƒome me ahakplɔ mi ava Zion;


Mina dzi nadzɔ mí, eye míatso aseye, eye mina miatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyuie la ɖo, eye srɔ̃a dzra eɖokui ɖo xoxo.


Elabena metsɔ Mawu ŋuʋaʋã le ŋu ʋãm le mia ŋu, elabena medo mia ŋugbe na ŋutsu ɖeka, bena matso ɖetugbi dzadzɛ atu tsitre na Kristo.


Amesi si ŋugbetɔ le la, eyae nye ŋugbetɔsrɔ̃, ke ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃, amesi le tsitre le to ɖomi la, kpɔa dzidzɔ ŋutɔ le ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe ŋuti; azɔ nye dzidzɔ sia zu blibo.


Eye eƒe dzi ku de Yakob ƒe vinyɔnu Dina ŋu, eye wolã ɖetugbivi la, eye wòde asi eŋu beble me.


Tete ŋutsu la kplu ɖekakpui ɖeka kple tedzi eve ɖe asi, eye wòtso dze eyome, be yeaƒo nu kplii fafɛ, ne yeakplɔe agbɔe. Eye nyɔnu la kplɔe yi fofoa ƒe me, eye esi ɖetugbi la fofo kpɔe la, exɔe kple dzidzɔ.


Tete wògblɔ bena: Nye aƒetɔ, ne ènya ve nunye ko, elabena èfa akɔ nam, eye nèƒo nu kple wò, dɔlanyɔnu xɔlɔ̃tɔe, evɔ wònye nyemeɖe wò dɔlanyɔnuwo dometɔa ɖeke nu o hafi!


Mide dzi ƒo na Yerusalem be, eƒe aʋawɔdɔ la wu enu, eye woxe eƒe vodada ŋu fe, elabena exɔ teƒeɖoɖo eve nu tso Yehowa gbɔ ɖe eƒe nuvɔ̃wo katã ta.


eye makplɔ mi ayi dukɔwo ƒe gbe dzi, eye gama mahe nya kpli mi le ŋku me kple ŋku me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite