Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 2:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye matsi eƒe dzidzɔkpɔkpɔwo katã, ŋkekenyuiewo, dzinu yeyewo, dzudzɔgbewo kple takpegbewo katã nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Mahe to nɛ ɖe ɣeyiɣi siwo wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ na Baalwo, eƒe legba Baal, eye wòde eƒe togɛ kple kɔsɔkɔsɔwo, hedze eƒe lɔlɔ̃tɔwo yome, hegblẽm ɖi. Yehowae gblɔe.

Gade chapit la Kopi




Hosea 2:13
44 Referans Kwoze  

Esi wokpɔ gbeɖuƒe la, woɖu nu ɖi ƒo; eye esi woɖi ƒo la, woƒe dzi de esi dada me, eye woŋlɔm be.


Eye Israel-viwo wɔ nusi medze Yehowa ŋu o, woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be, eye wosubɔ Baalwo kple Aserawo.


Ne Efrayim ƒo nu la, ŋɔdzi ɖoa ame; eyae nye tatɔ nɔ Israel; ke eɖi fɔ to Baal dzi, eye wòku.


Wova wo, ke wotrɔ ʋume ɖe ame: Wosa vɔ na Baalwo, eye wodo dzudzɔ na legbawo.


Nuka? Miele fifim, le ame wum, le ahasi wɔm, le atam dzodzro kam, eye miedo dzudzɔ na mawu tutɔ, siwo mienya o tso,


Tohegbe ɖo, eye teƒeɖogbe ɖɔ, Israel adze sii! Nyagblɔɖila tsi bome, eye amesi si gbɔgbɔ le la, zu tsukunɔ le wò vodada gbogboawo kple fuléle geɖeawo ta.


Israel ŋlɔ ewɔla he; etu fiasãwo, eye Yuda tso du sesẽwo kpaŋkpaŋ; maɖo dzo ɖe eƒe duwo me, ne wòafiã woƒe fiasãwo.


Woatsrɔ̃ nye dukɔ, le esi sidzedze mele esi o ta; elabena èɖo vlo sidzedze, eyata nye hã mado vlo wo be, maganye nunɔla nam o; èŋlɔ wo Mawu ƒe se la he, eyata nye hã maŋlɔ viwòwo be.


Wosa vɔ le towo la me, eye wodo dzudzɔ le togbɛwo dzi, le fɔfɔliwo, sesewuwo kple logowo le, le esi woƒe vɔvɔli nyo ta; eyata miaƒe nyɔnuviwo awɔ gbolo, eye miaƒe tovɔvinyɔnuwo awɔ ahasi.


Elabena wo dada wɔ ahasi, eye wo nɔ wɔ ŋukpenanu; elabena egblɔhe: Madze nye ahiãviwo yome, woawoe tsɔa abolo kple tsi, ɖetifu kple anazi, ami kple nunono nam.


ne magaɖe amae ana wòanɔ abe gbesigbe wòdzii ene, mana wòasɔ kple gbegbe, wòaɖi kuɖinyigba, eye mana tsikɔ nawui wòaku o.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi neŋlɔm be, eye netsɔm ƒu gbe ɖe megbewò la, eyata wò ŋukpenanuwɔwɔ kple wò gbolowɔwɔ anɔ dziwò.


Woxɔa zãnu le mewo, ne wòakɔ ʋu ɖi, eɖia kasa, eye nexɔa deme, ẽɖua sesẽnu le nɔviwò si, eye wò ŋku dzona le dzinye. Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Etsɔ nye sika kple nye klosalo ƒe atsyɔ̃nu, siwo metsɔ na wò la, wɔ ŋutsu ƒe nɔnɔmewo, eye nèwɔ gbolo kple wo.


Eyata ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe lãkplɔvi, siwo le nye dukɔa kplɔm la ŋu enye si: Miekaka nye alẽwo, mienyã wo ɖe gbe, eye miedi wo yome mɔ o, eyata mahe to na mi le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo ta; Yehowa ye gblɔe!


Elabena nye dukɔ la ŋlɔm be, eye wódoa dzudzɔ na nu dzodzroawo, siwo kplɔa wo ɖa tsoa woƒe mo, si nye toƒe mava la dzi, ne woazɔ mɔ kple toƒe xexewo;


Elabena Yuda, alesi wò duwo sɔ gbɔe la, nenema nu wò mawuwo le ɖo, eye míeɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yerusalem-blɔwo ƒe xexlẽme nu na ŋukpenamawuwo, ne míado dzudzɔ le vasamlekpulawo dzi na Baal.


Ɖe ɖetugbi aŋlɔ eƒe atsyɔ̃ɖoɖo be, eye ŋugbetɔ aŋlɔ eƒe alidziblanu bea? Ke nye dukɔ ŋlɔm be, ŋkekeawo mele xexlẽ me o.


Elabena èŋlɔ wò xɔxɔ ƒe Mawu la be, eye meɖo ŋu wò sitsoƒe ƒe agakpe la o; eyata nede agble nyowo, eye nèdo du bubu me tɔwo ƒe weinka ɖe wo me.


Woƒe ŋku dzo le Mawu, woƒe xɔnametɔ ta dzi, amesi wɔ nu gãwo le Egipte,


Woŋlɔ eƒe dɔwɔwɔwo be kaba, eye womekpɔ eƒe tameɖoɖo sinu o.


eye woƒe ŋku dzo le eƒe nuwɔwɔwo kple eƒe nukunu, siwo wòna wokpɔ la dzi.


Alea wonona na amesiwo kalã ŋlɔ Mawu be la, eye ame vlowo ƒe mɔkpɔkpɔ ɖoa agu.


Egagbugbɔ nuxeƒe, siwo fofoa Xizkiya gbã la tu, eɖi vɔsamlekpuiwo na Baal, eye wòwɔ Asera, abe alesi Israel-fia Axab wɔ ene, eye wòde ta agu na dziƒonuwo katã hesubɔ wo.


Ale Yehu tsrɔ̃ Baal ɖa le Israel enye si.


Eye Axazya ge tso eƒe xɔtaxɔ ƒe fesre nu le Samaria, eye do dze eɖzi. Tete wòdo amewo gblɔ na wo bena: Miyi Mabia nu Ekrontɔwo ƒe mawu Baal-Zebub be, ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?


Ke woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be; eyata wotsɔ wo dzra na Xazortɔwo ƒe aʋafia Sisera kple Filistitɔwo kpakple Moab-fia, eye wowɔ aʋa kpli wo.


Eye Israel-viwo yi dzi wɔ nusi medze Yehowa ŋu o, eye wosubɔ Baalwo kple Astarot, Aramtɔwo ƒe mawuwo, Zidontɔwo ƒe mawuwo, Moabtɔwo ƒe mawuwo, Amon-viwo ƒe mawuwo kple Filistitɔwo ƒe mawuwo, ke wogblẽ Yehowa ɖi, eye womesubɔe o.


Eɖe ŋu ɖi le agakpe, si dzi wò la ŋu, eye nèŋlɔ Mawu, si ƒe dɔme nèdzɔ tso la be.


ekema kpo nyuie, bena mãgaŋlɔ Yehowa, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me, le Egipte-nyigba dzi la be o.


Heyi ko, eye nakplɔ dukɔ la ayi teƒe, si megblɔ na wò la, eye nye dɔla adze ŋgɔwò. Gake ne nye toheɣi ɖo la, maxe woƒe nuvɔ̃wo ŋuti fe na wo.


Yehowa be: Madzidze miaƒe nuvɔ̃wo ɖe akɔ me na mi gbã, miaƒe vodadawo kple mia fofowo ƒe vodadawo siaa, amesiwo do dzudzɔ le towo dzi, eye woɖe alɔme le ŋunye le togbɛwo dzi.


mede ŋɔtigɛ ŋɔti na wò, kple togɛ to na wò, eye metsɔ sikatsyɔnu nyui ɖɔ ɖe ta na wò.


Eye mana aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe nu natso le Yuda-duwo kple Yerusalem ƒe kpɔdomeewo; elabena anyigba la azu gbegbe.


Zion-mɔwo to gbe, elabena amea ɖeke megava ŋkekenyuieɖuƒe o. Eƒe agbowo kam esi ƒuƒlu, eye eƒe nunɔlawo le hũ ɖem. Eƒe ɖetugbiwo le ŋeŋem, eye eya ŋutɔ le veve sem.


Ame tsitsiwo vɔ le ʋɔnu, eye ɖekakpuiwo megale saŋku ƒom o.


Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiewo woazu nuxaxa kple miaƒe hawokatã woazu konyifaha, made akpanya aliwo katã, eye tawo katã nazu ta kokoe, mana wòanɔ, abe alesi wofaa konyi na tenuvi ene, eye eƒe nuwuwu anɔ abe ŋkeke vɔ̃e ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite