Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 2:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Maklo nu le eƒe ŋukpeƒe dzi le eƒe ahiãviwo ŋku me, eye amea ɖeke maxɔe le asinye me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Magblẽ eƒe waingblewo kple gbotiwo, agble siwo wògblɔ be yeƒe lɔlɔ̃tɔwoe na ye. Mana agblewo nato gbe azu ave, eye gbemelãwo ava ɖu kutsetseawo katã.

Gade chapit la Kopi




Hosea 2:12
14 Referans Kwoze  

Eye wòava me le ɣemaɣi be, afisi weinka akpe le, eye woxɔa klosalo sekel akpe la, lazu aŋɔka kple ŋuwò.


Azɔ mana mianya nusi wɔ ge mala nye weingble la: Makaka kpo le eŋu, ne lãwo naɖui, magbã gli le eŋu, ne woazɔ edzi.


Medze wo dzi abe sisiblisinɔ, si ŋu woɖe vi le la ene, maflo tsrokpa da le woƒe dzi ŋu, maɖu wo abe dzatanɔ ene, eye gbemelãwo avuvu wo.


ne magaɖe amae ana wòanɔ abe gbesigbe wòdzii ene, mana wòasɔ kple gbegbe, wòaɖi kuɖinyigba, eye mana tsikɔ nawui wòaku o.


Eyata le mia ta woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo, eye gbedoxɔ ƒe to azu togbɛ toave.


Israel, megakpɔ dzidzɔ o, megatso aseye abe ɖukɔwo ene o! Elabena èwɔ gbolo, ètrɔ ʋu le wò Mawu yome, eye nelɔ̃ gbolonunana le lugbɔƒewo katã.


Mixa, Morasitɔ la, gblɔ, nya ɖi le Yuda-fia Xizkiya ŋɔli, eye wògblɔ na Yuda-dukɔ blibo lã bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu anyiglãgo, eye gbedoxɔ ƒe togbɛ la azu togbɛ toave.


Yehowa be: Maɖe wo ɖa keŋkeŋ, ale be weintsetsea ɖeke manɔ weinka ŋu o, gbotsetsea ɖeke manɔ gboti dzi o, eye aŋgba ayra, eye madɔ amesiwo ava ƒo ɖe wo dzi la, ɖe wo ŋu.


De mekpɔtɔ vie ko, ne Libanon nazu atibɔ, eye woabu atibɔ de avewo me oa?


Eɖe alɔ do keke atsiaƒu nu ke, eye eƒe ɖɔ de tɔsisi la nu.


Aɖu wò agblemenu kple wò abolo, aɖu wò ŋutsuviwo kple wò nyɔnuviwo, aɖu wò alẽwo kple wò nyiwo, aɖu wò weinka kple wò gbotiwo, eye atsɔ yi agba wò du sesẽ, siwo ŋu nèle dzi ɖem ɖo.


Eyata nye hã meklo taɖedzi le ŋgɔgbe na wò, ne woakpɔ wò ŋukpe ƒe.


Elabena dzata menye na Efrayim, eye dzatavi menye na Yuda ƒe aƒe; mavuvu nu ahadzo, malé nu adzoe amea ɖeke maxɔe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite