Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 2:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Israel-viwo ƒe xexlẽme anɔ abe ƒulake, sĩ mele dzidze kple xexlẽ me o la ene. Eye woava me be, woayɔ wo be „Mawu gbagbe viwo“, ɖe esi wogblɔ na wo he, Manyenyedukɔe mienye la teƒe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 “Trɔ ŋkɔ na nɔviwò ŋutsua be Ami, si gɔmee nye ‘Azɔ ènye tɔnye,’ eye nàyɔ nɔviwò nyɔnu la be Ruhama si gɔmee nye ‘Nublanuikpɔkpɔ.’

Gade chapit la Kopi




Hosea 2:1
17 Referans Kwoze  

mi amesiwo menye dukɔ tsã o; ke azɔ la míenye Mawu ƒe dukɔ, mi amesiwo womekpɔ nublanui na o, ke azɔ la wokpɔ nublanui na mi.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le ɣemaɣi la mase dziƒo ƒe gbe, eye dziƒo ase anyigba ƒe gbe;


nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.


Eyata esi subɔsubɔdɔ sia le mía si, abe alesi míekpɔ nublanuikpɔkpɔ ene la, ɖeɖi mete mia ŋu o.


Matso akpa etɔ̃liawo ɖeka aɖe dzo me ahalóloe, abe alesi wolóloa klosalo ene, eye madoe akpa, abe alesi wodoa sika kpɔna ene Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo; magblɔ be: Nye dukɔ nye esi, eye woawo agblɔ be: Yehowa enye nye Mawu!


Nye nɔƒe anɔ wo dome, manye woƒe Mawu, eye woawo anye nye dukɔ.


Eye mianɔ anyigba, si metsɔ na mia fofowo la dzi, mianye dukɔ nam, eye manye mia Mawu.


ne woazɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye woalé nye sewo me ɖe asi ahawɔ wo dzi, woanye dukɔ nam, eye manye Mawu na wo.


woanye dukɔ nam, eye manye Mawu na wo.


ke boŋ nusi mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ, Yehowa ye gblɔe.


Yuda-viwo kple Israel-viwo aƒo takpli, eye woaɖo tatɔ ɖeka na wo ɖokui aho aʋa atso anyigba la dzi; elabena Yezreel ƒe ŋkeke la teƒe mekɔ o.


eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee.


Ke woƒe Mawu, Yehowa Zebaot, megblẽ Israel kple Yuda ɖi wonye ahosi o; elabena anyigba ma ɖi to geɖe ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu.


Mana amegbetɔwo kple lãwo nasɔ gbɔ ɖe mia dzi, woakeke ta, eye wòadzi; mana ame nanɔ mia dzi abe tsã ene, eye mawɔ nyui na mi wu tsã, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite