Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 14:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Mayɔ dɔ woƒe godzedze, eye malɔ̃ wo tso dzi me, elabena nye dɔmedzoe nu fa de wo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Manɔ abe ahũdzadza ene na Israel, aƒo se nyuie abe dzogbenya ene, eye wòaƒo ke ɖe to abe Lebanon ƒe sedati ene.

Gade chapit la Kopi




Hosea 14:5
32 Referans Kwoze  

Woaƒo se ake, eye woatso dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso ase vivii. Woatso Libanon ƒe ŋutikɔkɔe, Karmel kple Saron ƒe atsyɔ̃ nɛ. Woakpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kple mia Mawu ƒe atsyɔ̃.


Le ŋkeke, siwo gbɔna me la, Yakob ato ke, Israel adze, eye wòaƒo se, eye eƒe kutsetse ayɔ xexeame taŋ.


bene Kristo nanɔ anyi le miaƒe dziwo me to xɔse me,


Eye nukaŋuti miele fu ɖem na mia ɖokui le avɔtata ŋuti mahã? Mibu dzogbenyã, si le gbedzi la, ŋuti kpɔ, alesi wòwɔnae; mewɔa dɔ o, metrea ɖeti hã o;


Bli aɖo kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame, eƒe agblemenuwo ado zi abe Libanon ene, eye woaƒo se le duwo me abe gbe le anyigba dzi ene.


nye kèwo ake nu de tsi ŋu, eye zãmu atsi nye alɔwo me;


Nye nufiafiawo le ɖuɖu ge abe tsidzadza ene, eye nye nyawo le dzadza ge abe zãmu ene; wole abe tsie nyɔ ɖe gbe dzi ene, eye wole abe tsie tso ka ɖe amagbe dzi ene.


Eye Yakob ƒe ame mamleawo anɔ anyigba ɖzi dukɔwo me le ɖukɔ geɖewo dome abe dzata le gbemelãwo dome ene, abe dzatavi le alẽhawo dome, si, ne eto wo dome la, enyãa avuzi le nu dzi, eye wòvuvua nu, ke xɔnametɔa ɖeke menɔa anyi o la ene.


Elabena maƒo tsi ɖe kuɖinyigba dzi kple tɔʋu wo ɖe anyigba ƒuƒu dzi. Matrɔ nye gbɔgbɔ akɔ ɖe viwòwo dzi kple nye yayra ɖe wò dzidzimeviwo dzi,


Wò ame kukuwo agbɔ agbe, eye nye ame kukuwo afɔ ɖe tsitre! Minyɔ, mi ketu me tɔwo, eye mitso aseye, elabena miaƒe zãmu enye kekeli ƒe zãmu, eye anyigba aɖe ŋɔliwo ana.


Elabena ale Yehowa gblɔ nam enye si: Manɔ nɔnyeƒe kpoo anɔ ekpɔm, ne ŋdɔkutsu le vevem heliheli, ne alilikpowo le zãmu dzam le nuŋeɣi ƒe dzoxɔxɔ me.


Aɖi ɖe anyi ahe tsidzadza ɖe gbe talãlàe dzi ene, abe tsi gãe ƒo anyigba ene.


Yuda ƒe aƒe la ƒe amesiwo woɖe, eye wòkpɔtɔ la, aɖe ke aɖo ta to me, eye woatse ku ɖe dzi me.


le abe alesi ŋdi kɔna, ne ɣe dze ene, ele abe ŋdi, si alilikpoa ɖeke medo o ene, eye ele abe keklẽ, si nana gbe miena tso anyigba me le tsidzadza megbe ene.


Mibu dzogbenyãwo ŋu, alesi wowɔnae: Wometrea ɖeti, alo lɔ̃a avɔ o: ke mele egblɔm na mi bena: Salomo gɔ̃ hã le eƒe ŋutikɔkɔe katã me meɖo atsyɔ̃ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o.


Wò nowo le abe sãdevi eve, zi venɔvi, siwo le gbe ɖum le dzogbenyawo me ene.


Tɔnyee nye nye lɔlɔ̃tɔ la, eye nye hã menye etɔ, eya amesi nyia lãwo le dzogbenyawo me.


Fia ƒe nyanyrã le abe dzatavi ƒe gbetete ene; ke eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le abe zãmu le gbe dzi ene.


Eho weinka tso Egipte, eye nènyã dukɔwo ɖa hetsɔe do.


Nye ŋku atsa le nye ketɔwo dzi bɔkɔɔ, eye nye to ase nya le ame vlo, siwo tso ɖe ŋunye la ŋu.


Ele abe Xermon-zãmu, si le tsyɔtsyɔm ɖe Zion-towo dzi la ene; elabena gama Yehowa ɖo yayra kple agbee tegbee.


Mi dziƒowo, nuɖuɖu tso dzi me, eye alilikpowo nadza dzɔdzɔenyenye; anyigba neke nu, ne xɔname nado, eye dzɔdzɔenyenye hã namie Nye Yehowa ye wɔe.


Ame dzɔdzɔe la atu hlo abe deti ene, eye wòade dzi abe sederti le Libanon dzi ene.


Ɣemaɣi la àgblɔ bena: Mekafu wò, Yehowa, elabena edo dɔmedzoe ɖe ŋunye, ke wò dɔmedzoe nu fa, eye nève nunye.


Mekpɔ eƒe mɔwo, mayɔ dɔe, makplɔe, eye mafa akɔ na eya kple eƒe nuxalawo.


Yehowa, amesi wo nuyiwo ƒe kutsetse la, gblɔ be: Ŋutifafa, ŋutifafa mana didiƒe nɔlawo kple kpuiƒe nɔlawo, eve mayɔ do wo.


Mi vi dzeaglãwo, migatrɔ va, eye mahaya mi tso miaƒe tatrawo me! Kpɔ ɖa, míeva gbɔwò, elabena wòenye Yehowa, mía Mawu!


Makpɔ dzidzɔ le nyuiwɔwɔ na wo ŋu, eye made woƒe agunu to ɖe anyigba sia dzi le nyateƒe me tso nye dzi blibo kple nye luʋɔ blibo me.


Ele dodo ge kokoko abe agudzedze ene, eye ele vava ge na mí abe tsidzadza ene, abe keletsi, si ƒoa anyigba ene.


Mawu kae ɖe nuwò? Wò amesi tsɔa vodada kena, eye mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlea ƒe dzidada ŋu o; meléa dɔmedzoe ɖe ɖɔ me ɖikaa o, eye amenuveve ƒe nu dzea ŋuwò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite