Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 14:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Samaria sẽ to ɖe eƒe Mawu ŋu la, eyata akpɔe ɖe enu; woatsi yi nu, woaxlã woƒe vidzĩewo ɖe nu, eye woadze ƒo le woƒe funɔwo nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 O Israel, mitrɔ yi Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ, elabena miaƒe nu vɔ̃wo gbã mi gudugudu.

Gade chapit la Kopi




Hosea 14:1
26 Referans Kwoze  

Eyata mina míagatrɔ ɖe Yehowa ŋu; elabena eyae vuvu mí, eye agada gbe le mía ŋu, eyae de abi mía ŋu, eye agablae ne mí.


Yehowa enye Mawu Zebaot, Yehowa enye eŋkɔ.


Israel, Yehowa be: Ne èbe, yeatrɔ la, ekema trɔ ɖe ŋunye, eye ne èɖe wò ŋunyɔnuwo ɖa le ŋkunye me la, ekema màgatsa tsa glãla o!


Israel, wò gbegblẽ wònye, be nètso de nye, wò xɔnametɔ ŋu.


Míaƒe fiakuku ge le mía ta. Baba na mí be, míewɔ nuvɔ̃!


Israel ƒe dàda aɖi ɖase ɖe mo nɛ kem Israel kple Efrayim adze anyi le woƒe vodadawo la, eye Yuda hã adze anyi akpe ɖe wo ŋu.


Wò vɔɖinyenye aka mo na wo, eye wò godzedze ahe to na wò, ne nadze sii, eye nakpɔ, alesi wòvɔ̃ɖii, eye wòvenae be, nègblẽ Yehowa, wò Mawu la ɖi, eye vɔvɔ̃a ɖeke mele ŋunye na wò o, Aƒetɔ Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Yehowa aƒo Egiptetɔwo, eye wòagahaya wo; elabena ne wòtrɔ ɖe eŋu la, ase woƒe kukuɖeɖe, eye wòahaya wo.


Gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe be: Ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia nunye o, negbe be, ame vɔ̃ɖi naɖe asi le eƒe zɔzɔme ŋu, ne wòanɔ agbe boŋ ye. Israel ƒe aƒe, miɖe asi le miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiwo ŋu, miɖe asi le wo ŋu, nukaŋuti miehe, yewoaku ɖo?


Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi be, aku kokoko, gake wòɖe asi le eƒe nuvɔ̃ ŋu, eye wòwɔ nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe,


Nye dukɔ ƒe nuvɔ̃wo nye nuɖuɖu na wo, eye dɔ le wo wum ɖe woƒe vodada ŋu.


Tohegbe ɖo, eye teƒeɖogbe ɖɔ, Israel adze sii! Nyagblɔɖila tsi bome, eye amesi si gbɔgbɔ le la, zu tsukunɔ le wò vodada gbogboawo kple fuléle geɖeawo ta.


Miƒã dzɔdzɔenyenye, eye mixa nu kple lɔlɔ̃; mide agble yeye, elabena azã ɖo be, míadi Yehowa, vaseɖe esime wòava, eye wòana dzɔdzɔenyenye nadza ɖe mía dzi.


Alakpanudanu le Kanaan si, amebaba vivia enu.


Tete Xazael gblɔ bena: Nukaŋuti nye aƒetɔ le avi fam? Eɖo ŋu bena: Menya nu vɔ̃ɖi, si wɔ ge nala ɖe Israel-viwo ŋu; àtɔ dzo woƒe du sesẽwo, eye atsɔ yi awu woƒe ɖekakpuiwo, àxlã woƒe vidzĩewo ɖe nu, eye adze ƒo le woƒe funɔwo nu.


Dawòe nye Samaria hekpe ɖe vianyɔnu, siwo le wò mia me la ŋu, eye wò tsɛ nye Sodom hekpe ɖe vianyɔnu, siwo le wò ɖusi me la ŋu.


Eye meɖo ŋku anyi kpɔ Efrayim vaseɖe Tiro be: wodoe ɖe lãnyiƒe, ke Efrayim akplɔ viawo ayi na amewula.


Ale Yehowa gblɔ esi. Le Amon-viwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe; ake wo o; elabena wodze ƒo le Gilead ƒe funɔwo nu, ne woakeke woƒe anyigba ɖe enu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite