Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 13:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Israel, wò gbegblẽ wònye, be nètso de nye, wò xɔnametɔ ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 “O Israel, ètsrɔ̃ ɖokuiwò, elabena ètso ɖe nye, wò xɔnametɔ ŋu.

Gade chapit la Kopi




Hosea 13:9
25 Referans Kwoze  

Ɖe esia medza de dziwò, le esi nègblẽ Yehowa, wò Mawu ɖi le ɣeyiɣi, si me wònye kplɔwòla le mɔta la ŋuti oa?


Wò vɔɖinyenye aka mo na wo, eye wò godzedze ahe to na wò, ne nadze sii, eye nakpɔ, alesi wòvɔ̃ɖii, eye wòvenae be, nègblẽ Yehowa, wò Mawu la ɖi, eye vɔvɔ̃a ɖeke mele ŋunye na wò o, Aƒetɔ Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Mawu ɖeke mele abe Yesurun ƒe Mawu la ene o, amesi le yiyim le dziƒo, be yeaxɔ na wò, amesi ƒe ŋutikɔkɔe le alilikpowo me.


Esi Samaria sẽ to ɖe eƒe Mawu ŋu la, eyata akpɔe ɖe enu; woatsi yi nu, woaxlã woƒe vidzĩewo ɖe nu, eye woadze ƒo le woƒe funɔwo nu.


Miaƒe vodadawoe gblẽ nusia me, eye miaƒe nuvɔ̃woe te nu nyui mi.


Eyata miƒo koko na Mawu, ne wòave mia nu. Miawoe wɔnusla, ɖe miebuna be, agalɔ̃ miaƒe nyaa? Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Ke nyee nyee Yehowa, wò Mawu, tso Egipte-nyigba dzi ke, menye mawua ɖeke kpe ɖe ŋunye o, eye xɔnametɔa ɖeke meli abe nye ene o.


Baba na ame vɔ̃ɖi, etɔ me vɔ̃e nɛ, elabena nusi eƒe asi wɔ la, eya woatsɔ awɔe.


Woƒe moɖoɖo le ɖase ɖim le wo ŋu, eye woɖe woƒe nuvɔ̃wo fia faa abe Sodom ene, womeɣlae o; baba na wo, elabena woawo ŋutɔ ɖokui ŋu wole vɔ̃ wɔm ɖo.


Ke amesiwo dam ƒu la, wowɔ nu vevi wo ɖokui; amesiwo katã lé dim la, ku lɔ̃m wole.


Gake amesi wɔ ahasi kple nyɔnua ɖe la, tagbɔ gbegblẽtɔ wonye; amesi le didim be, yeatsrɔ̃ yeƒe agbe la, eyae wɔa ale nusia tɔgbe.


Woayra amesi Yakob ƒe Mawu la nye xɔname na, amesi ƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la dzi;


Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe ɖetugbiwo ƒe gbe nu.


Míaƒe luʋɔ le mɔ kpɔm na Yehowa, míaƒe xɔname kple akpoxɔnu wònye.


Woayra wò Israel! Ameka ɖe nuwo? Dukɔ, si Yehowa ɖe, amesi nye wò akpoxɔnu kple xɔwòla, kpakple wò dziɖuɖu ƒe yi! Wò futɔwo avivi nu me na wò, ke wò la ànyã avuzi le wo dzi.


Wò zɔzɔme kple wò nuwɔnawoe wɔ esia wò, wò vɔ̃ɖiwɔwɔe wɔ esia, eve kaɖikaɖi, eye ade dzigbɔ ke na wò.


Ke miawo miedo gui hele gbɔgblɔm be; Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu mekɔ o, eye edzi nuɖndu le ŋu nyɔm.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Miele gbɔgblɔm be, eɖuɖu la, fuɖename wònye; eye mietsɔ adzonuwo, lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo va sa vɔe. Ɖe mele esia dim tso mia si mea? Yehowa ye gblɔe.


Esa vo na Damaskotɔ, siwo sii la ƒe mawuwo gblɔ bena: Esi Aram-fiawo ƒe mawuwo kpe ɖe wo ŋu la, eyata nye hã masa vɔ na wo, ne woakpe ɖe nye hã ŋunye! Ke wòtrɔ zu mɔ̃ na eya kple Israel blibo la.


Womedo ɣli nam le woƒe dzi me o, ke boŋ wofa avi le woƒe abawo dzi; wova kpe ta le bli kple aha yeye ta, eye wotrɔ nu le yonyeme.


Nyee fia nu wo, eye mede ŋusẽ woƒe alɔwo, ke woɖo ta me vɔ ɖe ŋunye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite