Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 13:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Medze wo dzi abe sisiblisinɔ, si ŋu woɖe vi le la ene, maflo tsrokpa da le woƒe dzi ŋu, maɖu wo abe dzatanɔ ene, eye gbemelãwo avuvu wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Madze wo dzi abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi dzoe ene, mavuvu wo akɔ ɖi abe dzatanɔ ene. Lã wɔadã aɖe avuvu wo viwo akɔ ɖi.

Gade chapit la Kopi




Hosea 13:8
11 Referans Kwoze  

Eye Xusai gblɔ bena: Enya fofowò kple eƒe amewo be, kalẽtɔwo wonye, eye aɖa le mo na wo abe sisiblisi, si ŋu wole viwo la le gbedzi ene. Aʋame hãe fofowò nye, eye mana ameha la natsi adɔ o.


Ɖe menye xe ƒonu ŋɔŋɔe enye nye domenyinu nam oa? Ɖe xe ƒonuwo meƒo xlãe godoo oa? Miɖaƒo gbemelãwo katã nu ƒu, ne woava ɖu nu!


Mi gbemelãwo katã, miva ɖu nu, mi avemelãwo katã!


Wole gbe ɖem abe dzatanɔ ene, eye wole xaxlɔ̃m abe dzataviwo ene; wole gbe tem helé nu tso dzoe, eye amea ɖeke mate ŋu axɔe o.


Gododo sisiblisinɔ, si ŋu woɖe viwo le la, nyo wu gododo bometsila le eƒe bometsitsi me.


Nukaŋuti nèvuvu kpɔ le eŋu, be amesiwo katã to mɔ dzi yina la, nanɔ ekem?


Mi, amesiwo ŋlɔ Mawu be, midze si esia dzro, ne nyemagavuvu nu, eye ɖelaa ɖeke manɔ anyi o!


Egblẽ eƒe avegoe ɖi abe dzata ene; elabena woƒe anyigba zu gbegbe le yi gblẽnu kple eƒe dɔmedzoe heliheli nu.


Maklo nu le eƒe ŋukpeƒe dzi le eƒe ahiãviwo ŋku me, eye amea ɖeke maxɔe le asinye me o.


Elabena dzata menye na Efrayim, eye dzatavi menye na Yuda ƒe aƒe; mavuvu nu ahadzo, malé nu adzoe amea ɖeke maxɔe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite