Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 13:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eyata mezu dzata na wo, eye mede xa de mɔ to abe lãkle ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 eya ta mava dze mia dzi abe dzata ene, made xa ɖe mɔ to na mi abe lãklẽ ene.

Gade chapit la Kopi




Hosea 13:7
10 Referans Kwoze  

Elabena dzata menye na Efrayim, eye dzatavi menye na Yuda ƒe aƒe; mavuvu nu ahadzo, malé nu adzoe amea ɖeke maxɔe o.


Eyata dzata ado tso ave me agbã wo, amegãxi, si le gbegbe, atsrɔ̃ wo, lãkle ade xa ɖe woƒe duwo ŋu, eye wòavuvu amesiame, si do tso wo me. Elabena woƒe vodadawo sɔ gbɔ, eye woƒe godzedzewo do agbogbo.


Sisiblisi, si ɖe xa ɖi, kple dzata, si le xa me, wònye nam.


Ne dzata ɖe gbe la, amekae agbe vɔvɔ̃? Ne Aƒetɔ Yehowa ƒo nu la, amekae agbe nyagbɔgblɔ ɖi?


Ne nuléle mesu dzata si o la, ɖe wòxlɔ̃na le ave mea? Ɖe dzatavi ɖea gbe le emlɔƒe, ne mekpɔ lé nu haɖe oa?


Eye wògblɔ bena. Yehowa le gbe ɖem tso Zion, eye wòna eƒe gbe le ɖiɖim tso Yerusalem, tete lãkplɔviwo ƒe lãnyiƒe yrɔ, eye Karmel tame; ƒu.


Yehowa ho abe kalẽtɔ ene, eɖe dzo ŋuʋaʋã me abe aʋawɔla ene, edo ɣli, eye wòtso ayiboopɛɛ, eɖe ŋusẽ fia ɖe eƒe futɔwo ŋu.


Eye lã, si mekpɔ la, le abe lãkle ene, eye eƒe afɔwo le abe sisiblisi ƒe afɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata ƒe nu ene; eye ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋutete kple eƒe fiazikpui kpakple eƒe ŋusẽ gã nɛ.


Eye ne mefɔe ɖe dzi le, ekema àyɔm ɖe nu abe dzata ene, eye àgawɔ nukunuwo ɖe ŋunye atraɖii.


Egblẽ eƒe avegoe ɖi abe dzata ene; elabena woƒe anyigba zu gbegbe le yi gblẽnu kple eƒe dɔmedzoe heliheli nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite