Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 13:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Melé ŋku ɖe ŋuwò la gbegbe, le kuɖinyigba dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Mekpɔ mia ta le gbedzi, le kuɖiɖinyigba ma dzi.

Gade chapit la Kopi




Hosea 13:5
16 Referans Kwoze  

Ebe le gbedzi kple gbedadaƒo, afisi gbemelãwo le xɔxlɔ̃m le. Ekpla asi kɔ nɛ, eye wòkpɔ edzi helé be nɛ abe eƒe ŋkuvi ene.


eye naŋlɔ amesi kplɔ wò to gbe gã dziŋɔ ma dzi, afisi da vɔ̃wo kple dziɖegbewo le, afisi tsi vena le, eye wòna tsi ɖo tso agakpe sesẽ la me,


Elabena Yehowa, wò Mawu, yra wò asinudɔwɔwɔwo katã, enya wò mɔzɔzɔwo katã le gbe gã sia dzi, eye Yehowa, wò Mawu, li kpli wò ƒe blane sɔŋ, ale be naneke mehiã wò o.


Ke azɔ la, esi mienya Mawu alo Mawu boŋ nya mi la, aleke wɔ, eye miegatrɔ yi ɖe gɔmedzenu gbɔdzɔ daheawo gbɔ, eye miegale didim be, miagasubɔ wo tso gɔmedzedzea me mahã?


Yehowa ƒe dɔme nyo, enye sitsoƒe le xaxagbe, eye wònya amesiwo ɖoa dzi ɖe eŋu.


Metrɔa nye nuxaxa kɔna ɖe eŋku me, eye meɖea nye hiãwo fiana le eŋku me.


Dawid ƒe ha, le esime wòle Yuda-gbedzi.


Eye Mawu kpɔ Israel-viwo ƒe nublanui, eye wòve wo nu.


Ke ne amea ɖe lã Mawu la, ekema Mawu dze si eyama.


Eye womegblɔ be: Afika Yehowa, amesi kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la le hã o; eya amesi kplɔ mí to gbe dzi, to kuɖiɖinyigba kple blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi, to anyigba, si dzi amea ɖeke metona o, afisi amegbetɔa ɖeke mele o la dzi.


Yi ɖaɖe gbe ƒã ɖe Yerusalem ƒe to me bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Meɖo ŋu wò ɖetugbime dɔmenyo kple wò ŋugbetɔnyenye ƒe lɔlɔ̃ na wò, esime nekplɔm ɖo to gbedadaƒo, to anyigba, si dzi womeƒãa nu ɖo o.


Melé fu amesiwo ku ɖe nu maɖinuwo ŋu la; ke nyea meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.


Elabena Yehowa nya ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ buna gbidi.


Le ŋkeke me ŋdɔ ɖuam, eye le zã me vuvɔ wɔam, eye nyemedɔa alɔ̃ hã o.


Menya Efrayim, eye Israel meɣla ɖem o; Efrayim, azɔ èwɔ ahasi, eye Israel, ègblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò.


Mefɔ Israel le gbegbe abe weintsetse ene, eye mekpɔ mia fofowo abe gbotsetse ŋgɔgbea ene; ke esi wova Baal-Peor la, wotsɔ wo ɖokui na ŋukpenamawu la, eye wozu ŋunyɔnu, abe nusi ŋu woku ɖo la ke ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite