Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 13:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eyata woanɔ abe ŋdililikpo kple zãmu, si nu yina le ŋdi ene, abe tsro, si ya kplɔna dzonɛ le lugbɔƒe, kple dzudzɔ, si toa fesre nu ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Wo katã woabu vĩi abe afu ene, eye woaƒu enumake abe ahũ ene; woakaka abe ale si ya kakana atsakiti ene, eye woabu abe dzudzɔ ene.

Gade chapit la Kopi




Hosea 13:3
11 Referans Kwoze  

Efrayim, nuka mawu wò, eye Yuda, nuka mawɔ wò? Elabena míaƒe lɔlɔ̃ le abe ŋdililikpo kple zãmu, si nu yina le ŋdi ene.


Ame vɔɖiwo ya mele alea o, ke boŋ wole abe tsro, si ya lɔna ɖe nu ene.


Mawu tso, eƒe futɔwo ka hlẽ, eye eƒe ketɔwo si le eŋku me.


Ale gayibɔ kple tsu, akɔbli, klosalo kple sika wogbã gudugudu, eye wozu abe tsro le lugbɔƒe le dzomeŋɔli ene, ya kplɔ wo dzoe, eye womegakpɔ wo teƒe o; ke kpe, si dze legbaa dzi la, zu to gãa de hexɔ anyigba blibo la dzi.


Dukɔwo le ho wɔm abe tsi geɖewo ƒe howɔwɔ ene, ke eblu ɖe wo ta, eye wòsi yi adzogedzogee, woɖe wo ɖe nu abe gbe ƒuƒu le ya nu le towo dzi kple yali le ahom nu ene.


be woanɔ abe gbe ƒuƒu le ya nu ene, abe tsro, si ahom kplɔna dzonae ene.


Ŋɔdzidodo trɔna ɖe ŋunye; woyɔa nye bubu ɖe nu abe ya ene, eye nye dzɔgbenyuie nu yina ahe alilikpo ene.


hafi ne tameɖoɖo la ƒe vidziɣi naɖo, eye ɣeyiɣi la nu nayi, abe alesi gbe ƒuƒu ʋua yae ene, hafi ne Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli nava mia dzi, eye hafi ne Yehowa ƒe dzikudogbe nava mia dzi!


ke boŋ nuku ŋu afa, eye weinka atse, anyigba aʋã nu, eye dziƒo adza zãmu, eye mana nusiawo katã nazu dukɔ sia ƒe susɔea tɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite