Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 12:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Elé nɔvia ƒe afɔkpodzi le dɔ me, eye esi wòɖo ŋutsu me la, ete keme kple Mawu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ɛ̃, ete kame kple mawudɔla, eye wòɖu edzi gɔ̃ hã. Efa avi heɖe kuku nɛ be wòayra ye. Edo go Mawu le Betel, ƒo nu kplii le afi ma.

Gade chapit la Kopi




Hosea 12:4
18 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si ɖim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.


Eye Yakob na ŋkɔ teƒe, si Mawu ƒo nu kplii le la, bena Betel.


Amesi tso gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo le eƒe ŋutilã me nono ƒe ŋkekewo me hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ, eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti;


emegbe la mi amesiwo susɔ le agbe la, woahe mí kpakpli wo siaa le alilikpowo me aɖakpe Aƒetɔ la le ya me, eye ale míanɔ anyi kple Aƒetɔ la ɖaasi.


Esi woxaxa woɖo hã la, hiãa ɖeke menɔ anyi o, elabena dɔla, si me woɖea eɖokui fiana lena la, xɔ na wo; eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe tufafa ta, eye wòkɔ wo hetsɔ wo le blema ŋkekewo katã me.


Etrɔ atsiaƒu wòzu ƒuƒuiƒe; afɔ wotsɔ tso tɔsisi lae; gama míekpɔ dzidzɔ ɖe eŋu le!


Eye woyra Yosef gblɔ bena: Mawu, si ƒe ŋku me fofonye Abraham kple Isak zɔ le, Mawu, si nye kplɔlanye le nye agbe me ŋkekewo katã me va do egbee,


Eye wògblɔ bena: Womagayɔ wò be Yakob akpɔ o, ke boŋ Israel, elabena ete kame kple Mawu kpakple ame, eye nete ŋui.


Eye esi wòna woɖe tsi wo kple nusiwo katã le esi, yi ɖe tɔa godo la,


Ke esi wòkpɔ be, yemate ŋui o la, etɔ asi eƒe aligo, eye Yakob ƒe aligokpeƒe ɖɔ li, le esime wole ka mea tem la.


Eyome nɔvia hã do, eye wòlé Esau ƒe afɔkpodzi ɖe asi; eyata woyɔ eƒe ŋkɔ bena Yakob. Isak xɔ ƒe blaade, eye wòdzi wo.


Yakob ɖeɖe tsi megbe. Tete ŋutsua ɖe va te kame kplii ʋuu, vaseɖe esime agu dze.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite