Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 12:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Efrayim tsɔ alakpadada ɖe to ɖem, eye Israel ƒe aƒe la tsa amefuflu ɖe to ɖem, ke Yuda gale eɖokui trɔm ɖe tsiƒo agbaƒo na eƒe Mawu, na kɔkɔetɔ nyateƒetɔ la ko.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Efraim ƒua du kplɔa ya ɖo, etia ɣedzeƒeya yome ŋkekea katã, eye wòdzia alakpa kple ŋutasesẽ ɖe edzi. Ebla nu kple Asiria, eye wòɖo ami ɖe Egipte.

Gade chapit la Kopi




Hosea 12:1
20 Referans Kwoze  

Elabena yae woƒã, eye ahom woaxa, vvoƒe nukuwo mamie o; ahɔ̃liti matse ku o, ne eme hã la, ame tutɔwo aɖui.


Efrayim kpɔ dɔléle, si le eŋu, eye Yuda kpɔ eƒe abiwo; tete Efrayim yii Asur, eye wòdɔ ame do ɖe fia Yareb; ke mate ŋu ada gbe te mia ŋu o, eye mayɔ dɔ miaƒe abiwo o.


Kpɔ ɖa, wodoe, ke de wòadze edzia? Ne ɣedzeƒeya be ɖe eme la, ɖe maku oa? Kpo, si dzi wòmie do la dzie wòaku ɖo.


Ya akplɔ wò lãkplɔviwo katã, eye wò ahiãviwo ayi aboyo me; ŋu akpe wò, eye wò mo atsi dã le wò nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.


Ɖe nunyala atsɔ nya tofloko aɖo eŋu, eye ɣedzeƒeya ayɔ eƒe ɖɔmea?


Eŋɔli Asur-fia Pul va dze anyigba la dzi, eye Menaxem tsa klosalo talento akpe ɖeka na Pul, be woakpe ɖe ye ŋu, ne fiaɖuɖu la nali ke ɖe ye si me.


Wo yome la liŋɔ adre, siwo pepi lé, eye wòlé bu la do.


Nukaŋuti nèwɔ kaba, be natrɔ wò azɔlime? Ŋu akpe wò ɖe Egipte hã ŋu, abe alesi ŋu kpe wò ɖe Asur ŋui ene.


eye matsɔ mi aƒu gbe atso nye ŋku ta, abe alesi metsɔ mia nɔviwo katã, siwo nye Efrayim ƒe ƒome blibo la ƒu gbee ene.


Míena ta Egipte kple Asur, ne míakpɔ abolo aɖu aɖi ƒo.


Ya bla wo kɔtɔɔ, eye ŋukpe lé wo de woƒe vɔsawo ŋu.


Efrayim le abe ahɔne tsibome, si nunya mele tagba na o la ene: wole Egipte yɔm, eye woyi Asur.


Ewɔ nuxeƒewo hã ɖe Yuda-towo dzi, eye wòna Yerusalemtɔwo subɔ trɔ̃wo, eye woble Yuda.


Wovivi nume nɛ kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe aɖe da alakpa nɛ;


Israel, ne éwɔ gbolo la, Yuda megaɖi fɔ o dzro! Eyata migava Gilgal o, migayi Bet-Awen o, eye migaka atam gblɔ bena: „Miele Yehowa ƒe agbe“ o!


Ne mebe, mada gbe le Israel ŋu la, Efrayim ƒe vodadawo kple Samaria ƒe nu vɔ̃di wɔwɔwo dee ta ɖa. Elabena wodaa alakpa, fiafitɔwo dzea kpɔ, eye adzohawo nɔa nu ham le mɔ dzi.


Nyemawɔ nu le nye dɔmedzoe heliheli me o, eye nyemagagblẽ Efrayim azɔ o, elabena Mawu menye, eye menye amegbetɔ o, kɔkɔelɔ menye le dowòme, eye nyemava le dziku me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite