Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 11:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Yi ava woƒe duwo dzi, aŋe woƒe gametiwo, eye wòaɖu nu le woƒe tameɖoɖowo ta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Aʋa adzɔ le woƒe duwo me; woagbã woƒe agbo sesẽwo, eye woatɔ te woƒe ɖoɖowo.

Gade chapit la Kopi




Hosea 11:6
25 Referans Kwoze  

Aʋaɣli aɖi le wò dukɔ la dome, eye woagbã wò mɔ̃ sesẽwo katã, abe alesi Salman gbã Bet-Arbel, eye wòxlã dadawo kple viwo ɖe nu la ene.


Woakplɔ nyivi la ayi Asur atsɔ awɔ nunanae na fia Yareb; ŋukpe alé Efrayim, eye Israel ƒe mo atsi dã ɖe eƒe tameɖoɖo la ŋu.


Matsrɔ̃ dzokawo le asiwò, eye gbesalawo maganɔ asiwò azɔ o.


Aɖu wò agblemenu kple wò abolo, aɖu wò ŋutsuviwo kple wò nyɔnuviwo, aɖu wò alẽwo kple wò nyiwo, aɖu wò weinka kple wò gbotiwo, eye atsɔ yi agba wò du sesẽ, siwo ŋu nèle dzi ɖem ɖo.


Yehowa be, baba na vi sẽtowo, amesiwo de adaŋu nye manɔmee, eye wobla nu nye gbɔgbɔ manɔmee, ne woali kɔ nuvɔ̃ de nuvɔ̃ dzi!


Elabena du sesẽ la tsi akogo, amenɔƒe ɖi aƒedo, eye wogblẽe ɖi abe gbegbe ene. Nyiviwo aɖu gbe le afima, woa-tsyo akɔ anyi ɖe afima, eye woaɖu eƒe alɔwo.


Elabena hafi nuŋeɣi naɖo, ne seƒoƒowo nu yi, eye weintsetse gbogbowo zu ɖiɖiawo la, atsɔ hɛ gobɛ alã kaawo, aɖi aba wo ɖa, eye woaŋe wo.


Ame tsitsiwo kple ame ŋkutawo nye ta la, eye nyagblɔɖila, siwo baa atakpadada la, wonye asike la.


Exɔ na wo zi geɖe; ke woawo se to le woƒe aɖaŋudedewo nu, eye woyi to le woƒe vodadawo me.


Wotsɔ woƒe dɔwɔwɔwo ƒo di wo ɖokui, eye wozu ame dzegowo to woƒe nuwɔwɔwo me.


Yi aɖu nu le gota, eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me, ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, vidzĩewo kple amegã taɣìwo siaa.


Woaxaxa wò ɖo ɖe wò duwo katã me, vaseɖe esime wò gli kɔkɔ sesẽ, siwo ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la, namũ adze anyi le wò anyigba blibo la dzi. Woaxaxa wò ɖo ɖe wò ɖu, siwo katã Yehowa, wò Mawu, na wò la me.


Maka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome, eye maɖi yi anɔ mia yomee, miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe duwo azu glikpo.


Magbã miaƒe duwo woazu glikpo, eye mana miaƒe teƒe kɔkɔewo nazu aƒedo, eye miaƒe numemewo magaʋẽ ɖem lilili o.


Yehowa be, yi neva Kaldeatɔwo, Babeltɔwo kple woƒe amegãwo kple woƒe nunyalawo dzi!


Eƒe agbowo ɖo agu, eye wogblẽ eƒe gametiwo heŋe wo; eƒe fia kple eƒe amegãwo le dukɔwo dome, se mele wo si o, woƒe nyagblɔɖilawo hã mekpɔa ŋutega tso Yehowa gbɔ o.


Elabena Israel dze aglã abe nyinɔ dzeagbo ene; azɔ Yehowa anyii abe alẽvi ene le leƒe gbaoo.


Efrayim dze xɔlɔ̃ kple legbawo, miɖe kɔ le eŋu!


Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe be: Ale Yehowa, Mawu Zebaot, gblɔ esi: Yakob ƒe dàda le ŋu nyɔm nam, melé fu eƒe fiasãwo, eye matsɔ du la kple eme nuwo ade asi.


Maɖo yi de mia dome, bena woabia hiã de nubabla la ta, eye ne miesi aʋa yi de miaƒe duwo me la, ekema maɖo dɔvɔ̃ ɖe mia dome, eye matsɔ mi ade asi na miaƒe futɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite