Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 11:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Wova wo, ke wotrɔ ʋume ɖe ame: Wosa vɔ na Baalwo, eye wodo dzudzɔ na legbawo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Zi ale si meyɔe la, zi nenema ke wòtrɔ megbe dem, hele vɔ sam na Baalwo, eye wòle dzudzɔ ʋeʋĩ dom na legbawo.

Gade chapit la Kopi




Hosea 11:2
28 Referans Kwoze  

Eye matsi eƒe dzidzɔkpɔkpɔwo katã, ŋkekenyuiewo, dzinu yeyewo, dzudzɔgbewo kple takpegbewo katã nu.


Elabena nye dukɔ la ŋlɔm be, eye wódoa dzudzɔ na nu dzodzroawo, siwo kplɔa wo ɖa tsoa woƒe mo, si nye toƒe mava la dzi, ne woazɔ mɔ kple toƒe xexewo;


Yehowa be: Madzidze miaƒe nuvɔ̃wo ɖe akɔ me na mi gbã, miaƒe vodadawo kple mia fofowo ƒe vodadawo siaa, amesiwo do dzudzɔ le towo dzi, eye woɖe alɔme le ŋunye le togbɛwo dzi.


Aglãdzedze de ŋunye vivia nye dukɔ nu, eye ne woyɔ wo ɖo ta dzi hã la, wo ɖometɔa ɖeke mefɔa eɖokui dzi o.


Mi kɔlialiatɔwo kple amesiwo ƒe dzi kple to sẽ, ɖaa mietsi tre ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu; alesi mia fofowo wɔ la, nenema ke wɔm miawo hã miele.


Ke esiae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la bena, kekeli va xexeame, eye amewo lɔ̃a viviti la wu kekeli la: elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi.


Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòƒu kpe amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie medi be, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala le ene, eye mielɔ̃ o!


Ke wogbe toɖoɖo, wolia ʋume kpakoo, eye wote nu ɖe to me, be yewomagase nu o.


Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi. Yi ɖagblɔ na Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo bena: Yehowa be: Ɖe miagbe toɖoɖo tohehe kple nye nyawo sesea?


Ezi kpi kpɔ wo ƒe geɖe, eye nètsɔ wò gbɔgbɔ xlɔ̃ nu wo to wò nyagblɔɖilawo dzi, gake womeɖo toe o, eyata nètsɔ wo ɖe asi na anyigba dzi dukɔwo.


Azɔ dɔ, ne woaɖaƒo Israel blibo la nu ƒu hekpe ɖe Baal ƒe nyagblɔɖila alafa ene blaatɔ̃ kpakple Asera ƒe nyagblɔɖila alafa ene, siwo ɖua nu le Izebel ƒe kplɔ̃ ŋu la ŋuti va gbɔnye le Karmel-to la gbɔ.


Eye wosa vo le vɔsamlekpui, si woɖi ɖe Betel la dzi le dzinu enyilia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi, dzinu, si me eya ŋutɔ bu ta me heɖo ŋkekenyuie na Israel-viwo, eve wòde vɔsamlekpui la dzi, be yeado dzudzɔ.


Eye Israel-viwo yi dzi wɔ nusi medze Yehowa ŋu o, eye wosubɔ Baalwo kple Astarot, Aramtɔwo ƒe mawuwo, Zidontɔwo ƒe mawuwo, Moabtɔwo ƒe mawuwo, Amon-viwo ƒe mawuwo kple Filistitɔwo ƒe mawuwo, ke wogblẽ Yehowa ɖi, eye womesubɔe o.


Eye Israel-viwo wɔ nusi medze Yehowa ŋu o, woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be, eye wosubɔ Baalwo kple Aserawo.


Wogblẽ Yehowa ɖi hesubɔ Baal kple Astarot


Miganɔ abe mia fofowo ene o; wo amesiwo nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ na bena: Yehowa Zebaot be: Miɖe asi le miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiwo kple nuwɔna vɔ̃ɖiwo ŋu! Ke wogbe toɖoɖo, eye womelé ŋku ɖe ŋunye o, Yehowa ye gblɔe!


Wosa vɔ le towo la me, eye wodo dzudzɔ le togbɛwo dzi, le fɔfɔliwo, sesewuwo kple logowo le, le esi woƒe vɔvɔli nyo ta; eyata miaƒe nyɔnuviwo awɔ gbolo, eye miaƒe tovɔvinyɔnuwo awɔ ahasi.


Ke wogbe toɖoɖom, eye womeƒu to anyi, be woatrɔ tso woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo me, eye womagaɖo dzudzɔ na mawu tutɔwo azɔ o.


Efrayim dze xɔlɔ̃ kple legbawo, miɖe kɔ le eŋu!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite