Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 11:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Israel nɔ ɖevime la, melɔe, eye meyɔ vinye la tso Egipte vɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 “Esi Israel nye ɖevi la, melɔ̃e, eye Egipte meyɔ vinye la tsoe, abe vinye ŋutsu ene.

Gade chapit la Kopi




Hosea 11:1
18 Referans Kwoze  

eye wònɔ afima vaseɖe Herodes ƒe ku megbe, bena nya, si Aƒetɔ la gblɔ ɖe anyi to nyagblɔɖila dzi la, nava ve me bena: „Keke Egipte ke meyɔ vinye la tsoe.“


Gblɔ na Farao bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Israel la nye ŋgɔgbevie!


Ke nyee nyee Yehowa, wò Mawu, tso Egipte-nyigba dzi ke, menye mawua ɖeke kpe ɖe ŋunye o, eye xɔnametɔa ɖeke meli abe nye ene o.


Yehowa be: Mahe to nɛ ɖe ŋkeke, siwo wòɖo dzudzɔ na Baalwo, wòɖe woƒe ga ŋɔti kple woƒe kɔsɔkɔsɔ kɔ, eye wodze eƒe ahiãviwo yome heŋlɔ nyea be la ta.


Yi ɖaɖe gbe ƒã ɖe Yerusalem ƒe to me bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Meɖo ŋu wò ɖetugbime dɔmenyo kple wò ŋugbetɔnyenye ƒe lɔlɔ̃ na wò, esime nekplɔm ɖo to gbedadaƒo, to anyigba, si dzi womeƒãa nu ɖo o.


Ale Yehowa gblɔ esi: Melɔ̃ mi. Eye ne miebe: Nuka nètsɔ lɔ̃ mí hã la, ale Yehowa gblɔ esi: Ɖe menye Yakob nɔvie nye Esau oa? Melɔ̃ Yakob,


Yakob si yi Aram-nyigba dzi; nyɔnu me Israel subɔ ɖo, eye nyɔnu tae wònyi lã ɖo.


Tete meva to ŋuwò yi, eye mekpɔ wò nèle afɔti dam le wò ʋu me. Eye megblɔ na wò le wò ʋu me be: Atsi agbe! Wò ʋu mee nèle megblɔ na wò be: Atsi agbe!


Menye esi miesa gbɔ wu dukɔwo katã ta Yehowa ku ɖe mia ŋu, eye wotia mi ɖo o, elabena miele ʋee le dukɔwo katã dome;


Eye Efrayim gblɔ be: Mekpɔ ho, eye kesinɔnu su asinye, womekpɔ vodadaa ɖeke le nye dɔwɔwɔwo katã ŋu, si nye nuvɔ̃ o.


Eyata mele gbɔgblɔm na wò bena: Ɖe asi le vinye ŋuti, ne wòava subɔm, ke ne ègbe asiɖeɖe le eŋu la, ekema mawu wò ŋgɔgbevi!


Mɔzɔha. Israel negblɔ be: Woxaxam ɖo zi geɖe tso nye ɖekakpui me,


Megblẽ nye aƒe ɖi, megbe nye domenyinu, eye metsɔ nusi gbɔ nye luʋɔ melɔ̃a nu le o la, de asi na eƒe futɔwo.


Betel, alea wòle mia wɔ gee le miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ vivivo la ta; le ŋɖi kanya asimaɖetsimee la Israel-fia nu ayi.


Mia ŋutɔwo miekpɔ nusi mewo Egiptetɔwo, kple alesi metsɔ mi ɖe hɔ̃ ƒe aʋala wo dzi, eye mekplɔ mi va gbɔnyee.


Elɔ̃ dukɔwo, eye eƒe ame kɔkɔewo katã le esi me. Wodze wò afɔ yome, eye netsɔ wò nya kplɔ wòe.


Esi nèxɔ asi le ŋkunye me, bubu le ŋuwò, eye melɔ̃ wò ta la, matso amegbetɔwo ana ɖe tewòƒe kple dukɔwo de wò agbe ta,


Le wò ŋunyɔnuwo katã kple wò gbolowɔwɔwo me la mèɖo ŋu wò ɖevimenɔɣi, esime nèɖe ama le ƒeƒle hele afɔti dam le wò ʋu me la o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite