Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 10:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Woakplɔ nyivi la ayi Asur atsɔ awɔ nunanae na fia Yareb; ŋukpe alé Efrayim, eye Israel ƒe mo atsi dã ɖe eƒe tameɖoɖo la ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Ne Asiriatɔwo ɖe aboyo wo mlɔeba la, woatsɔ woƒe nyivimawu la ana Asiria fia, Yareb, abe nunana ene. Ŋukpe alé Efraim, eye Israel ƒe mo atsi yaa le eƒe legbawo ta.

Gade chapit la Kopi




Hosea 10:6
22 Referans Kwoze  

Efrayim kpɔ dɔléle, si le eŋu, eye Yuda kpɔ eƒe abiwo; tete Efrayim yii Asur, eye wòdɔ ame do ɖe fia Yareb; ke mate ŋu ada gbe te mia ŋu o, eye mayɔ dɔ miaƒe abiwo o.


Farao ƒe ŋusẽ azu ŋukpe na wo, eye bebe ɖe Egipte ƒe vɔvɔli te azu dzu na wo.


Aɖe aboyo woƒe mawuwo kple legba kɔkɔwo kpakple nu vevi, siwo wotsɔ klosalo kple sika wɔe la, ayi Egipte, eye wòadzudzɔ nuwɔwɔ kple anyiehefia ƒea ɖewo.


Ke wogbe esese, eye womeƒu to anyi ɖe ŋunye o; wozɔ le adaŋu, si wode le woƒe dzi vɔ̃ɖi ƒe tamesesẽ me la nu, eye wotrɔ megbe ɖem, menye ŋku me o.


Miewɔ nu ɖe Omri ƒe ɖoɖowo kple Axab ƒe aƒe ƒe nuwɔnawo katã ŋu, eye miezɔ ɖe woƒe adaŋudedewo nu, ne matsɔ wò awɔ gbegbee, duametɔwo nazu tsiãdonu, eye nye dukɔ ƒe ɖzu uauɔ mia dzi.


Elabena Israel wòdzɔ tso, gbede ye wɔe, eye menye Mawu wònye o; eyata Samaria ƒe nyivi la afli kakɛkakɛ.


Ya bla wo kɔtɔɔ, eye ŋukpe lé wo de woƒe vɔsawo ŋu.


Alesi wosɔ gbɔ ɖe edzii la, nenemae wowɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunyee; eyata matrɔ woƒe bubu wòazu ŋukpe.


Miaɖo ŋu miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiawo kple miaƒe nuwɔna manyomanyoawo, eye miava ŋu nya ge na mia ŋutɔwo mia ɖokui le miaƒe vodadawo kple miaƒe ŋunyɔnuwo ta.


Ŋu akpe Moab ɖe Kamos ŋu, abe alesi ŋu kpe Israel ƒe aƒe la ɖe Betel, si ŋu woɖo dzi ɖo la ŋu ene.


Ŋukpe lé wo katã, eye woƒe mo tsi dã; legbamèlawo katã le yiyim le vlododo me.


Elabena ŋu akpe mi le logoti, siwo ŋu miekpɔa dzidzɔ le la ŋu, eye miaƒe mo atsi dã le aba, siwo mielɔ̃na la ŋu.


Eƒe afɔ legbe ɖeɖe tona ɖe eme, eye eya ŋutɔ ƒe adaŋudede ƒunɛ anyi.


Eye Asur-fia Salmanaser ho ɖe eŋu, eye Hosea zu eƒe dɔla hedzo nu nɛ.


Ewo gbolo kple Asur-viwo, le esi nu metia ko na wò o ta; ewo gbolo kpli wo, ke nu meti ko na wò o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite