Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 10:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Aʋaɣli aɖi le wò dukɔ la dome, eye woagbã wò mɔ̃ sesẽwo katã, abe alesi Salman gbã Bet-Arbel, eye wòxlã dadawo kple viwo ɖe nu la ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Esia ta aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzi alé wò dukɔ, eye woagbã wò mɔ sesẽwo katã, abe ale si Salman wɔe le Bet Arbel ene; le nyadzɔdzɔ ma me la, wolé nyɔnuwo kple wo viwo siaa xlã ɖe anyi woku.

Gade chapit la Kopi




Hosea 10:14
21 Referans Kwoze  

Woaɖe alɔme le fiawo ŋu, eye woaku amegãwo, mɔ̃ sesẽwo anye fefenu na wo, eye woatsɔ anyi aƒu kpoe ahaxɔ wo.


Wò mɔ̃ sesẽwo katã le abe gboti, siwo dzi kutsetse ɖiɖiwo le la ene; ne woʋuʋu wo la, woade adze nu me na wo ɖula.


Ke wonyã eya hã ɖe gbe wòyi aboyo me, eye woxlã viawo ɖe kpɔdomeewo ƒe dzogoewo katã, wodzidze nu ɖe eƒe bubumewo dzl, eye wode kɔsɔkɔsɔ eƒe amegãwo katã.


Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, amesi ka asi anyigba ŋu wòlólo gbanaa, eye edzinɔlawo katã xa nu, ede dzi glodzoo abe Nil ene, eye wòdze eme abe Egipte-tɔsisi ene;


Ne dzata ɖe gbe la, amekae agbe vɔvɔ̃? Ne Aƒetɔ Yehowa ƒo nu la, amekae agbe nyagbɔgblɔ ɖi?


Wòxɔ duwo, eye wòxɔ mɔ̃ sesẽwo. Moab-kalẽtɔwo ƒe dzi le ɣemaɣi abe nyɔnu, si le ku lém ƒe dzi ene.


Dzidzi ƒo nuvɔ̃wɔlawo le Zion, ame vɔ̃ɖiwo ƒe lãme ble fu: Mía dometɔ ka anɔ dzo binu gbɔ, eye mia dometɔ ka anɔ dzoxɔxɔ mava gbɔ?


Efrayim ƒe mɔ̃ kple Damasko ƒe fiaɖuƒe nu ayi, eye Aram ƒe ame susɔeawo ƒe ŋusẽ anɔ abe Israel-viwo tɔ ene, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Ɖe dukɔwo ƒe mawuwo te ŋu ɖe woƒe anyigbawo tso Asur-fia si mea?


Woɖe asi le Yehowa, woƒe Mawu ƒe sewo katã ŋu, eye wokɔ legbawo, siwo nye nyivi eve, wowɔ Aserawo, eye wode ta agu na dziƒonuwo katã, eye wosubɔ Baal.


nye medze wò nublanui, si nèkpɔ nam, kple wò anukware, si nẽɖi na wò dɔla la dometɔa ɖeke o; elabena nye ati sia metsɔ tso Yordan sia, ke azɔ la metrɔ zu asafokɔ eve.


Yehowa be: Maxlã wo ɖe wo nɔewo, fofowo kple viwo siaa; nyemave wo nu o, nyemakpɔ wo ta o, eye nyemakpɔ nublanui agbe wo tsɔtsrɔ̃ o.


Eye Asur-fia Salmanaser ho ɖe eŋu, eye Hosea zu eƒe dɔla hedzo nu nɛ.


Betel, alea wòle mia wɔ gee le miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ vivivo la ta; le ŋɖi kanya asimaɖetsimee la Israel-fia nu ayi.


Gbesigbe mahe to na Israel ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ la, mahe to na Betel ƒe vɔsamlekpuiwo hã, eye woaŋe vɔsamlekpui la ƒe dzowo woage adze anyi.


Matsrɔ̃ dzokawo le asiwò, eye gbesalawo maganɔ asiwò azɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite