Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 1:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye Yehowa gblɔ nɛ bena: Tsa ŋkɔ nɛ be Yezreel; elabena ekpɔtɔ vie mahe to na Yezreel ƒe hlɔ̃dodo ɖe Yehu ƒe aƒe la ŋu, eye matsi Israel ƒe aƒe ƒe fiaɖuƒe la nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Eye Yehowa gblɔ na Hosea be, “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Yezreel, elabena madidi o la, mahe to na Yehu ƒe aƒe la le ʋu si wokɔ ɖe anyi le Yezreel ta, eye matsi Israel ƒe fiaɖuƒe la nu.

Gade chapit la Kopi




Hosea 1:4
32 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ bena: Tsɔ ŋkɔ nɛ be „Manyenyedukɔe“, elabena menye nye dukɔ mienye o, eye nye hã nyemanye mia lɔ o.


Eye wògafɔ fu dzi nyɔnuvi. Tete wógblɔ nɛ bena: Tsa ŋkɔ na be „Amemalɔ̃e,“ elabena nyemagakpɔ nublanui na Israel ƒe aƒe la atsɔe anɔ wo kem ɖaa o.


Nɔviwònyɔnu ƒe afɔ nètsɔ, eyata matsɔ eƒe kplu ade asi na wò.


Woɖe amae, wokplɔ viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo dzoe, eye wowu eya ŋutɔ kple yi, ale be wòzu kpɔdzidze na nyɔnuwo, eye wohe to nɛ.


Eyata ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe lãkplɔvi, siwo le nye dukɔa kplɔm la ŋu enye si: Miekaka nye alẽwo, mienyã wo ɖe gbe, eye miedi wo yome mɔ o, eyata mahe to na mi le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo ta; Yehowa ye gblɔe!


Eye esi wòkpɔ be, megbe Israel dzeaglã la le eƒe ahasiwɔwɔ ta, eye mena srɔgbegbalẽe hã la, nɔvianyɔnu Yuda dzego la mevɔ̃ o, ke boŋ eya hã yi ɖawɔ ahasi.


ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.


Eyata Aƒetɔ la ŋuta ana dzesi mi: Kpɔ ɖa, ɖetugbi afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi ana ŋkɔe be „Mawu li kpli mí“.


Le Israel-fia Pekax ŋɔli la Asur-fia Tiglat-Pileser va, eye wòxɔ Yion, Abel-Bet-Maaxa, Yanoax, Kedes, Xazor, Gilead kple Galilea, si nye Naftali-nyigba blibo la, eye wòkplɔ wo yi Asur.


Eye wòyi Samaria ɖawu Axab ƒe amesiwo katã kpɔtɔ ɖe Samaria la, vaseɖe esime wotsrɔ̃ wo vɔ, le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ na Eliya la nu.


Ekplɔe va Yesu gbɔ. Eye esi Yesu kpɔe du la, egblɔ ne bena: Wòe nye Simon, Yona vi la, woayɔ wò be Kefas, (si gome enye kpe gbadza).


Eye wòbia nuŋlɔkpe suea ɖe, eye wòŋlɔ bena: Yohanes enye eƒe ŋkɔ. Tete wo katã ƒe mo wo yaa.


Eye kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu.


Ke dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Zaxarya; elabena wose wò kukuɖeɖe la, eye srɔ̃wò Elisabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yohanes.


Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.


Nye Mawu agbe wo, elabena womeɖo toe o, eye woanɔ tsa glãla tsam le dukɔwo dome.


ànye nye ŋugbetɔ le nyateƒe me, ne nadze si Yehowa.


Eye matsi eƒe dzidzɔkpɔkpɔwo katã, ŋkekenyuiewo, dzinu yeyewo, dzudzɔgbewo kple takpegbewo katã nu.


Le Yuda-fia Azarya ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ enyilia me la Zaxarya, Yerobeam vi, zu fia ɖe Israel dzi le Samaria dzinu ade.


Eye esi ŋu ke ɖa, Pasxur na woɖaɖe Yeremya le pã me. Tete Yeremya gblɔ nɛ bena: Yehowa megayɔ wò be Pasxur azɔ o, ke boŋ „ŋɔdzi li godoo“.


Eye woƒe anyigba to Yezreel, Kesulot, Sunem,


Ŋutsuvi blaadre le Axab si le Samaria. Eye Yehu ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Israel-amegãwo, ame tsitsiwo kple Axab viwo dzikpɔlawo le Samaria bena:


Eye mete de nyɔnu nyagblɔɖila ŋu wòto fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Tete Yehowa gblɔ nam be: Yɔ eƒe ŋkɔ be „Aboyonu, afɔ netsɔ, nuhaha, va kaba!“


Kpo ɖa, Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋku le fiaduƒe wonuvɔ̃ sia ŋu, eye matsrɔ̃e ɖa tso anyigba dzi; ke ɖeko nyematsrɔ̃ Yakob ƒe aƒe la keŋkeŋ o, Yehowa ye gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite