Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 1:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Esi Yehowa dze nuƒoƒo gome kple Hosea la, Yehowa gblɔ na Hosea bena: Yi naɖe gbolo, ne wòadzi ahasiviwo na wò; elabena anyigba la wɔ gbolo, eye wòtrɔ le Yehowa yome!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Gbedeasi gbãtɔe nye esi: Yehowa gblɔ na Hosea be, “Yi nàɖe ɖetugbi aɖe si nye gbolo, ale be vi siwo wòadzi na wò la, woanye ahasiviwo. Esia aɖe alakpanu siwo wɔm nye dukɔ la le ɖe ŋutinye la afia, wowɔ ahasi to mawu bubuwo subɔsubɔ me, eye wotrɔ le Yehowa yome.”

Gade chapit la Kopi




Hosea 1:2
24 Referans Kwoze  

Eye Yehowa gblɔ nam bena: Gayi nalɔ̃ nyɔnu, si ame bubu le lɔlɔ̃m, eye wònye gbolo la, abe alesi Yehowa lɔ̃ Israel-viwo, ke woawo trɔ ɖe mawu tutɔwo ŋu, eye wole weintsetsebolo lɔ̃m la ene.“


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, ne èmlɔ tɔgbuiwòwo gbɔ la, ekema dukɔ sia atso adze anyigba, si dzi yim wole la, ƒe mawuwo yome, woagblẽm ɖi, eye woatu nu, si mebia kpli wo la.


Eye wòva me be, wotsɔ woƒe ahasiwɔwɔ ƒe howɔwɔ gblẽ kɔ ɖo na anyigba la, eye wowɔ ahasi kple kpe kpakple ati.


Wotsɔ woƒe dɔwɔwɔwo ƒo di wo ɖokui, eye wozu ame dzegowo to woƒe nuwɔwɔwo me.


Eye woŋlɔ ŋkɔ, si nye nya ɣaɣla lã, ɖe eƒe ŋgonu bena: Babilon gã la, gbolowo kple anyigba dzi ŋunyɔnuwo ƒe dada.


ŋku, siwo yɔ taŋ kple ahasiwɔwɔ, eye nuvɔ̃wɔwɔ metea ŋu ɖia kɔ na wo o la, li na wo; wòblea luʋɔ, siwo meli ke o la, vaa wo ɖokui gbɔ; dzi, si ŋukeklẽ ma ŋutɔ la, li na wo, eye fiƒodeviwo wonye.


Miaƒe ame sisiwo aɖo ŋku dzinye le dukɔwo dome, afisi woɖe aboyo wo yii, nenye be, megbã woƒe ahasiwɔdzi, si trɔ le yonyeme, kple woƒe ŋku, siwo dze legbawo yome la; eye woanyɔ ŋu na woawo ŋutɔwo ɖokui le woƒe nu vɔ̃ɖi, siwo wotso woƒe ŋunyɔnuwo katã wo la ta;


Menya Efrayim, eye Israel meɣla ɖem o; Efrayim, azɔ èwɔ ahasi, eye Israel, ègblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò.


Yesu Kristo, si enye Mawuvi la, ƒe nyanyuie la ƒe gɔmedzedze enye esi.


Elabena nye dukɔ wɔ vɔ̃ ƒomevi eve: wogblẽ nye, amesi nye tsi gbagbe vudo la ɖi, be woaɖe tsido na woawo ŋutɔ ɖokui, tsido, siwo gɔme ŋɔ, tsi mate ŋu anɔ wo me o.


Elabena amesiwo te ɖe aga le ŋuwò la, woegblẽ; àtsrɔ̃ amesiwo katã trɔ ʋu le yowòme la.


ke boŋ neto Israel-fiawo ƒe ʋe me, eye nena Yuda kple Yerusalemtɔwo subɔ trɔ̃wo abe Axab ƒe aƒe ene, eye nèwu nɔviwòwo hã, amesiwo tso fofowò ƒe me, eye wonyo wu wò la,


Elabena tso gbaɖegbe ke nèŋe wò kɔkuti, eye nètso wò kawo gblɔ bena, yemasubɔ o. Elabena ènye ahasitɔ mlɔ togbɛ kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo katã gɔme.


Aleke nagblɔ be, yemegblẽ ye ɖokui ŋu o, yemedze Baal yome o? Lé ŋku ɖe wò azɔlime ŋu le bali la me, eye nadze si nusi nèwɔ la, kposɔnɔ ɖidu, si le tsa glãla tsam le eƒe mɔ dzi la, nènye.


Elabena wo dada wɔ ahasi, eye wo nɔ wɔ ŋukpenanu; elabena egblɔhe: Madze nye ahiãviwo yome, woawoe tsɔa abolo kple tsi, ɖetifu kple anazi, ami kple nunono nam.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite