Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 1:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Hosea, Beeri vi, le Yuɖafiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli kpakple Israel-fia Yerobeam, Yoas vi ŋɔli.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Esiawoe nye gbedeasi siwo va na Hosea, Beeri ƒe vi la le Yuda fia ene siawo ŋɔli: Uzia, Yotam, Ahaz kple Hezekia. Le ɣeyiɣi sia me ke Yoas ƒe vi Yeroboam nye fia le Israel.

Gade chapit la Kopi




Hosea 1:1
26 Referans Kwoze  

abe alesi wogblɔ le Hosea me hã ene bena: „Mayɔ ‚Manyenyedukoe‘ be Nye dukɔe la, kple Amemalɔ̃e be Amelɔlɔ̃e;


Esia nye Yehowa ƒe nya, si va na Mixa, Moresitɔ la, eye wò-kpɔ ɖe Samaria kple Yerusalem ŋu le Yuda-fia Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli.


Esia nye ŋutega, si Yesaya, Amoz vi la, kpo le Yuda kple Yerusalem ŋu le Yuda-fiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli.


Esia nye Amos, amesi tso alẽnyilawo dome le Tekoa la ƒe nya, si wòkpɔ ɖe Israel ŋu ƒe eve ɖo ŋgɔ na anyigbaʋuʋu le Yuda-fia Uziya ŋɔli kple Israel-fia Yerobeam, Yoas-vi ŋɔli la.


Le Israel-fia Pekax, Remalya vi ƒe ƒe evelia me la Yotam, Yuda-fia Uziya ƒe vi, zu fia.


Eye Yoas mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖu ɖe Israel-fiawo gbɔ le Samaria, eye via Yerobeam zu Ha ɖe eteƒe.


elabena nyagbɔgblɔɖia ɖeke metso lãme ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae ʋã Mawu ƒe ame kɔkɔewo, hafi wogblɔ nya ɖi.


Ne eya amesiwo tà mawunya va ɖo la be mawuwo la, womate ŋu ada ŋɔŋlɔ la dzi o;


Le Dario ƒe ƒe evelia me, le dzinu enyilia dzi la Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Zaxarya, Iɖo vi Berexya ƒe vi, bena:


Eye Yehowa ƒe gbe va na Yona, Amitai vi, bena:


Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Yoel, Petuel vi.


Yehowa ƒe gbe va na Xezekiel, nunɔla Buzi vi, le Kebar-tɔsisi la nu le Kaldea-nyigba dzi, eye Yehowa ƒe asi va edzi le afima.


Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye be:


eya gbɔ Yehowa ƒe gbe va le Yuda-fia Yosiya, Amon vi ŋɔli le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuietɔ̃lia me;


Eye Yoas mlɔ fofoawo gbɔ, eye Yerobeam bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui la dzi, eye woɖi Yoas ɖe Israel-fiawo gbɔ le Samaria.


Le Yuda-fia Amazya, Yoas vi ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me la Yerobeam, Israel-fia Yoas ƒe vi, zu fia le Samaria ƒe blane vɔ ɖeke.


Ke Yehowa ɖe fu na fia la, eye wòdze anyi vaseɖe eƒe kugbe, eye wònɔ xɔa ɖe me le aga. Eye fia ƒe vi Yotam no aƒe la nu hedrɔ̃ ʋɔnu dukɔ hahoo la.


Eye Azarya mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖu ɖe fofoawo gbɔ le Dawid ƒe du la me, eve via Yotam zu fia ɖe eteƒe.


Yotam xɔ ƒe blave vɔ atɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Yerusa, Zadok ƒe vinyɔnu.


Axaz xɔ ƒe blave, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Mewɔ nusi dze Yehowa ŋu abe fofoa Dawid ene o,


Eye nunana kɔkɔewo le nyi alafa ade kple alẽ akpe etɔ.


Le Yuda-fia Axaz, Uziya vi Yotam ƒe vi ŋɔli la Aram-fia Rezin kple Israel-fia Remalya ƒe vi Pekax woho aʋa va Yerusalem ɖe wo ŋu, ke womete ŋu wɔ aʋa kpli wo o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite