Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hezekiel 8:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Tete wòdo nane da abe asi ene helé nye taɖa, eye gbagba la kɔm ɖe anyigba kple dziƒo domee hekplɔm le Mawu ƒe ŋutega me va ɖo Yerusalem le agbo metɔ, si ɖo ta anyiehe gome la nu, afisi legbaa ɖe, si dea ŋuʋaʋã Yehowa me la le.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Edo nane si le abe asi ene ɖa, eye wolé nye taɖa. Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi yi anyigba kple dziƒo dome, eye le Mawu ƒe ŋutega aɖe me la, ekɔm yi Yerusalem, yi ɖe xɔxɔnu emetɔ ƒe agbo anyiehetɔ ƒe mɔnu, afi si legba si nyɔa ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe le Mawu me la le.

Gade chapit la Kopi




Hezekiel 8:3
39 Referans Kwoze  

Wotsɔ mawu bubuwo ɖe ŋuʋaʋã me, eye wotsɔ ŋunyɔnuwo do dɔmedzoe nɛ.


Tete gbɔgbɔ la kɔm yi Yehowa ƒe aƒe ƒe ɣedzeƒe-gbo, si ɖo ta ɣedzeƒe gome la nu; kpɔ ɖa, ŋutsu blave vɔ atɔ̃ le agbo la nu, eye mekpɔ Yaazanya, Azur vi, kple Pelatya, Benaya vi, amesiwo nye dukɔ la ƒe amegãwo le wo dome.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe, esi netsɔ wò legbawo katã kple wò ŋunyɔnuwo katã gblẽ kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe ta la, ne magbe wò gbagbã gudugudu, nye ŋku akpɔ nublanui na wò, eye makpɔ tawo fi!


Enumake kasia amegbetɔ ƒe asibiɖe va ŋlɔ nu ɖe fiasã la ƒe gli, si wosi akalo na la ŋu le akaɖitia ŋgɔdze. Eye esi fia la kpɔ asi, si ŋlɔ nua la,


Ekɔm le Mawu ƒe ŋutega me va dro ɖe to kɔkɔ booa ɖe dzi le Israel-nyigba dzi, eye wòle abe dua ɖee wotso ɖe edzi le dziehe gome ene.


Eye gbɔgbɔ la kɔm le ŋutega me ɖada ɖe aboyomeawo gbɔ le Kaldea-nyigba dzi to Mawu ƒe gbɔgbɔ la me, eye ŋutega, si mekpɔ la, dzo le gbɔnye.


Tete mekpɔ wodo asia ɖe ɖe gbɔnye, si me agbalẽ le.


Wotsɔ mũ maɖimawuwo ɖe ŋuʋaʋã menye, eye wotsɔ woƒe legbawo do dziku nam. Eyata nye hã matsɔ ame maɖidukɔwo ade ŋuʋaʋã wo me, eye matsɔ dukɔ baɖawo ado dziku na wo.


Elabena Yehowa, wò Mawu la, ŋuʋã Mawu wònye le dowòme, bena Yehowa magaɖo dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye woatsrɔ̃ wò ɖa le anyigba dzi o.


Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na vi, siwo léa fum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;


Elabena Yehowa, wò Mawu la, dzo binu kple Mawu ʋãŋu wònye.


Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na ɖevi, siwo léa tum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;


Ke esi wodo go le tsia me la, Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ la tsɔ Filipo dzoe, eye aƒedzikpɔla la megakpɔe o; elabena edze eƒe mɔ la dzi kple dzidzɔ.


Tete nɔnɔme, si ɖi amegbetɔ la, gaka asi ŋunye, eye wodo ŋusẽm


Kpɔ ɖa, asia ɖe va ka ŋunye, eye wòfɔm ɖe nye klo kple asi dzi.


Eye wògblɔ nam bena: Amevi, fa ko dzi ɖe anyiehe gome! Tete mefɔ kɔ dzi, eye kpɔ ɖa, ŋuʋaʋã ƒe legba sia le vɔsamlekpui la ƒe agbo la nu le anyiehe gome.


Wotsɔ woƒe atsyɔ̃nu, siwo nye woƒe adegbeƒonuwo, wɔ legba, siwo nye woƒe ŋunyɔnuwoe, eyata mena wozu ŋunyɔnu na wo do;


Tete gbɔgbɔ la kɔm dzoe, eye melé nye mɔ tsɔ, dzi kum vevie, eye Yehowa ƒe asi nu sẽ ɖe dzinye.


Tete gbɔgbɔ la kɔnu eye mese hoowɔwɔ abe anyigbaʋuʋu gãa ɖe ene le megbenye, esime Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ho le eteƒe,


Wotsɔ woƒe ŋunyɔnuwo ɖo aƒe, si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me, ne woagblẽ kɔ ɖo nɛ.


Yehowa be: Elabena Yuda-viwo wɔ nu gbegblẽ le ŋkunye me, eye woli ŋunyɔnu ɖe aƒe, si ŋu woyɔa nye ŋkɔ ɖo la me, ne woagblẽ ko ɖo nɛ,


Wotsɔ woƒe nuxeƒewo do dziku nɛ, eye woƒe legbawo wotsɔ do adãe.


Eye wòtsɔ Asera ƒe legba, si wòwɔ la, ɖo aƒe la me, aƒe, si ŋu Yehowa gblɔ le na Dawid kple via Salomo be: Matsɔ nye ŋkɔ aɖo aƒe sia me kple Yerusalem, si metia le Israel-toawo katã me la tegbee.


Ke ete akɔblivɔsamlekpui, si le Yehowa ŋku me le xɔa ŋgɔdze la ɖa, be maganɔ vɔsamlekpui; la kple Yehowa ƒe xɔ la domee o, eye wòtsɔe ɖe vɔsamlekpui la ƒe axa dzi le anyiehe gome.


Eye wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu kalẽtɔ blaatɔ̃ le wò dɔlawo dome, na wòayi ɖadi wò aƒetɔ, ɖewohĩ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ tsɔe yi ɖaxlã ɖe toawo dometɔ ɖeka dzi alo baliawo dometɔ ɖeka me. Ke eɖo ŋu bena: Migadɔ ame ɖa o!


Eye wòava me be, ne medzo le gbɔwò la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ akplɔ wò adzoe ayi afisi nyemenya o. Eye ne meva gblɔe na Axab, eye mekpɔ wò o la, ekema awum; evɔ wònye wò dɔla vɔ̃a Yehowa tso eƒe ɖevime ke hafi.


Yosua ɖo ŋu na dukɔ la bena: Miate ŋu asubɔ Yehowa o, elabena Mawu kɔkɔe kple Mawu hã ŋu wònye, matsɔ miaƒe vodadawo kple nuvɔ̃wo ake mi o.


Megade ta agu na mawu bubuwo o, elabena Yehowa enye ŋuʋãla, eƒe ŋkɔe nye Mawu ŋuʋãla.


Megawɔ legbaa ɖeke na ɖokuiwò o. Megawɔ nusiwo le dziƒo, alo nusiwo le anyigba dzi, alo nusiwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o.


Le ƒe blaatɔ̃lia me le dzinu enelia ƒe ŋkeke atɔ̃lia dzi, esime mele aboyomewo dome le Kebar-tɔsisi to la, eva me be, dziƒo nu ʋu, eye mekpɔ Mawu ƒe ŋutega.


Kerubiawo le tsitre ɖe xɔ la ƒe ɖusi me gome, esime ŋutsu la yi, eye alilikpo yɔ xɔxɔnu metɔ fũ.


Eye Yehowa ƒe asi va dzinye, eye wòtsɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ kplɔm yi ɖada ɖe tagba, si yɔ fũ kple ameƒuwo.


Tete gbɔgbɔ la kɔm ɖaɖa ɖe xɔxɔnu metɔ, eye kpɔ da, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ xɔ la taŋ.


wotsɔ woƒe kpuiwo ɖo nye kpui nu, eye wotsɔ woƒe ʋɔtrutiwo ɖo nye ʋɔtrutiwo xa, ale be gli koe tso mía kple wo dome; eye wotsɔ woƒe ŋunyɔnu, siwo wowɔ la, do gu nye ŋkɔ kɔkɔe la, ale be metsrɔ̃ wo le nye dɔmedzoe me.


Tete ŋutsu ade to dzigbegbo, si ɖo ta anyiehe la ƒe mɔ va, wo dome amesiame lé ametsrɔ̃nu ɖe asi, eye ŋutsua ɖe le dome na wo, amesi ta aklala, eye agbalẽŋlɔnu le aklito nɛ. Eye wova he tsi tre ɖe akɔblivɔsamlekpui la xa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite