Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hezekiel 8:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye wòva me, esime mebɔbɔ nɔ aƒenye me le ƒe adelia me, le dzinu adelia ƒe ŋkeke atɔ̃lia dzi, eye Yuda ame tsitsiwo bɔbɔ nɔ ŋkunye me la, Aƒetɔ Yehowa ƒe asi va dzinye le afima.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Le ƒe adelia ƒe ɣleti adelia me, le ŋkeke atɔ̃lia gbe la, esi menɔ nye aƒe me, esime Yuda ƒe ametsitsiwo nɔ anyi ɖe nye ŋkume la, Aƒetɔ Yehowa ƒe asi va dzinye le afi ma.

Gade chapit la Kopi




Hezekiel 8:1
24 Referans Kwoze  

Eye wòva me le ƒe adrelia me le dzinu atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewolia dzi be, ŋutsuwo tso Israel ame tsitsiwo dome va gbe bia ge Yehowa se, eye wobɔbɔ nɔ ŋkunye me.


Woava akpe ta ɖe gbɔwò, eye woabɔbɔ nɔ ŋkuwò me abe nye dukɔ ene ahase wò nyawo, ke womawɔ wo dzi o, hafi boŋ anɔ ŋɔnɔe le nu me na wo, eye woƒe dzi adze viɖe yome.


Eye ŋutsuwo tso Israel ƒe ame tsitsiwo dome va gbɔnye, eye wobɔbɔ nɔ ŋkunye me.


Eyata ƒo nu kpli wo nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ne Israel ƒe aƒe la ƒe ŋutsua ɖe lé eƒe legba ɖe dzi me, eye wòtsɔ eƒe vodada ƒe nukikli ɖo ŋku me heva nyagblɔɖila gbɔ la, nye Yehowa ŋutɔ maɖo eŋu ne, evɔ wònye eƒe legbawo sɔ gbɔ hafi;


Nyemedi amea ɖeke ƒe klosalo alo sika alo awu o.


Elabena nunɔla ƒe nuyiwo nedzra sidzedze ɖo, eye woadi nufiame le eƒe nu me; elabena Yehowa Zebaot ƒe ame dɔdɔ wònye.


Le aboyoɖeɖe mí ƒe ƒe blave vɔ atɔ̃lia ƒe gɔmedzedzea me, le dzinu la ƒe ŋkeke ewolia dzi, le esi wòsi du la ƒe wuiene megbe la, ŋkeke ma dzi tututu Yehowa ƒe asi va dzinye, eye wòkplɔm yi afimae.


Eye Yehowa ƒe asi va dzinye, eye wòtsɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ kplɔm yi ɖada ɖe tagba, si yɔ fũ kple ameƒuwo.


Le ƒe wuievelia me le dzinu la ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi la Yehowa ƒe gbe va nam bena:


Le ƒe wuiɖekɛlia me, le dzinu etɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la Yehowa ƒe gbe va nam bena:


Le ƒe blave vɔ adrelia me le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la Yehowa ƒe gbe va nam bena:


Le ƒe ewolia me, le dzinu ewolia ƒe ŋkeke wuievelia dzi la Yehowa ƒe gbe va nam bena:


Eye Yehowa ƒe gbe va nam le ƒe wuiɖekɛlia me le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi bena:


Eye Yehowa ƒe gbe va nam le ƒe asiekelia me, le dzinu ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi bena.


Eye Yehowa ƒe asi va dzinye le afima wògblɔ nam bena: Tso nayi bali la me, ne maƒo nu kpli wò le afima!


Tete gbɔgbɔ la kɔm dzoe, eye melé nye mɔ tsɔ, dzi kum vevie, eye Yehowa ƒe asi nu sẽ ɖe dzinye.


Tete gbɔgbɔ la kɔnu eye mese hoowɔwɔ abe anyigbaʋuʋu gãa ɖe ene le megbenye, esime Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ho le eteƒe,


Esi Elisa bɔbɔ nɔ eƒe me, eye ame tsitsiwo bɔbɔ nɔ egbɔ la, fia la ɖɔ ame ɖo ɖe eŋgɔ. Ke hafi ɖɔla la nava egbɔ la, egblɔ na ame tsitsiawo bena: Miele ekpɔm be, hlɔ̃mevi sia ɖɔ ɖo ɖa, be woatso ta le nunyea? Miɖo ŋku anyi, ne dɔla la va la, ekema mitutui kple ʋɔtru, eye mido nɔa! Ɖe menye eƒe aƒetɔ ƒe afɔzi le eyome gbɔna oa?


Fia axa nu, dzidzi aƒo amegã, eye dukɔ hahoo la ƒe asi adzo nyanyanya, mawo wo ɖe woƒe zɔzɔme nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu wo de woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.


Eye medo ŋku anyi, kpɔ ɖa, nane le abe ame ene; eƒe ali ƒe anyi me gome le abe dzo ene, eye eƒe ali ƒe dzi me gome ɖi kekeli hele abe sika, si me kɔ keŋkeŋ la ene.


Eye Yehowa ƒe asi va dzinye le fiẽ, hafi ame sisi la nava, eye wòʋu nu nam, hafi wòva le ŋdi; ale nye nu ʋu, eye nyemegazi kpi azɔ o.


Le ƒe wuiɖekɛlia me, le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke adrelia dzi la Yehowa ƒe gbe va nam bena:


Le ƒe wuievelia me, le dzinu wuievelia fe ŋkeke gbãtɔ dzi la Yehowa ƒe gbe va nam bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite