Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hezekiel 7:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Azɔ nuwuwu gbɔna na wò, eye mada nye dɔmedzoe ɖe ŋuwò, madrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe wò zɔzɔme nu, eye mahe wò ŋunyɔnuwo katã ava dziwò;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Nuwuwu la va mia dzi azɔ, eye mana nye dɔmedzoe nabi ɖe mia ŋu. Madrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu, eye mahe to na mi katã ɖe miaƒe ŋunyɔnuwɔnawo ta.

Gade chapit la Kopi




Hezekiel 7:3
27 Referans Kwoze  

Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, madrɔ̃ ʋɔnu mia dome amesiame ɖe eƒe zɔzɔme nu. Miɖe asi le miaƒe dzidadawo katã ŋu, miɖe asi le wo ŋu, ne vodadawo maganye mɔ̃ na mi o!


Eye nye dɔmedzoe abi ade eseƒe ke, nye dziku nu afa ɖe wo ŋu, eye mafa dzi na ɖokuinye, ne wòadze sii be, nye Yehowa ye ƒo nu le nye ŋuʋaʋã me, nenye be, metrɔ nye dziku blibo la ƒo ɖe wo dzi.


Eye ne miele gbɔgblɔm be: Aƒetɔ la ƒe nuwɔna mele eteƒe o hã la, Israel ƒe aƒe, madrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe amesiame ƒe zɔzɔme nu!


Madrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe gbolowo kple nyɔnu hlɔ̃dolawo ƒe se nu, eye mahe dziku kple ŋuʋaʋã ƒe ʋu ava dziwò.


Mekaka wo ɖe dukɔwo dome, eye mehlẽ wo ɖe anyigbawo dzi; woƒe zɔzɔme kple woƒe nuwɔnawo nue medrɔ̃ ʋɔnu wo ɖo.


Fia axa nu, dzidzi aƒo amegã, eye dukɔ hahoo la ƒe asi adzo nyanyanya, mawo wo ɖe woƒe zɔzɔme nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu wo de woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.


Tete Mawu gblɔ na Noa bena: Ŋutilãwo katã ƒe nuwuwu ɖo azɔ, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi; kpɔ ɖa, matsrɔ̃ wo kple anyigba siaa.


Egblɔ be, yeanye aƒenɔ daa tegbee; esia mede dzigbɔ na wò o, eye meɖo ŋu alesi woava nɔ emegbe o.


Amevi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe Israel-nyigba ŋu enye si: Nuwuwu gbɔna, nuwuwu gbɔna na anyigba la ƒe go eneawo!


nye ŋku makpɔ nublanui na wò o, eye nyemakpɔ tawò o; ke boŋ mahe wò zɔzɔme ava dziwò, eye wò ŋunyɔnuwo anɔ dowòme, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.


ne yi nate ŋu ava Amon-viwo ƒe Raba kple Yerusalem, si ŋu woɖo gli ɖo le Yuda.


Eyata metrɔ nye dɔmedzoe ƒo ɖe wo dzi, metso nye dzinu ƒe dzo tsrɔ̃ wòe, eye mehe woƒe zɔzɔme va woƒe ta dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Eye wògblɔ nam bena: Amos, nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu be: Kutsetse ɖiɖi kusi taŋ. Tete Yehowa gblɔ nam bena: Nye dukɔ Israel ɖiɣi ɖo, nyemagatsɔe akee azɔ o.


Yehowa be: Maxlã wo ɖe wo nɔewo, fofowo kple viwo siaa; nyemave wo nu o, nyemakpɔ wo ta o, eye nyemakpɔ nublanui agbe wo tsɔtsrɔ̃ o.


Wò akpa etɔ̃liawo ɖeka aku ɖe dɔvɔ̃ nu, eye dɔwuame atsrɔ̃ wo ɖe mewò; akpa etɔ̃liawo ɖeka atsi yi nu aƒo xlã wò godoo ava kpe, eye makaka akpa etɔ̃liawo ɖeka ahlẽ ɖe yawo katã nu, eye maɖi yi anɔ wo yome.


Eyata nye hã nye ŋku makpɔ nublanui o, eye nyemakpɔ wo la o, ke boŋ mahe woƒe zɔzɔme ava woƒe ta dzi.


Ke amesiwo ƒe dzi dze woƒe legbawo kple woƒe ŋunyɔnuwo yome la, mahe woƒe zɔzɔme ava woƒe ta dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Esi meɖo ŋu wò ɖevimenɔɣi o, ke boŋ nètsɔ nusiawo katã do dziku nam ŋuti la, eyata kpɔ ɖa, mahe wò zɔzɔme ava wò ta dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe: Ɖe mèhewɔ ŋukpenanu sia kpe ɖe wò ŋunyɔnuwo katã ŋu o ɖe!


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi nèdo vlo atam la, eye netu nubabla la, eye mewɔ na wò, abe alesi nèwɔ ene hã la,


Nye Yehowa ye ƒo nu, egbɔna, eye mawɔ edzi, nyemadzudzɔ o, nyemakpɔ ame ta o, eye nyemakpɔ nublanui o, ke boŋ woadrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe wò zɔzɔme kple wò nuwɔnawo nu, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Yehowa le nya he ge kple Yuda, ahe to na Yakob le eƒe zɔzɔme nu, eye wòaɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite