Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hezekiel 4:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke wò la tsa gagba nawɔ gagli atso mia kple ɖu la dome, trɔ mo de du la, woaɖe to ɖee, eye naxaxae ɖo; dzesi enye esia na Israel ƒe aƒe la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Emegbe la, nàtsɔ gagba awɔ gagli ɖe wò kple dua ƒe gliwo dome, eye nàdze ŋgɔe. Woaɖe to ɖee, eye nàxaxae ɖo. Esia anye dzesi aɖe na Israel ƒe aƒe la.

Gade chapit la Kopi




Hezekiel 4:3
13 Referans Kwoze  

Kɔe ɖo abɔta le wo ŋku me, eye ne blukɔ do la, natsɔe adzoe; tsyɔ nu ŋku me, be magakpɔ anyigba la o; elabena ɖe metsɔ wò ɖo dzesi na Israel ƒe aƒe la.


Eye Yehowa gblɔ bena: Alesi nye dɔla Yesaya ɖe ama le afɔ ƒuƒlu le yiyim ƒe etɔ̃ sɔŋ la, dzesi kple kpɔɖeŋu wònye na Egipte kple Kus,


Kpɔ ɖa, mía kple vi, siwo Yehowa tsɔ nam la, míenye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Zebaot, amesi le Zionto dzi la gbɔ.


Gblɔ bena: Dzesi menye na mi, alesi mewɔ la, nenema ava me na woe: Woakplɔ woamawo adzoe, eye woayi aboyo me.


eye Mawu ŋuta hã tsɔ dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽnu bubu ƒomevi geɖewo kple Gbɔgbɔ kɔkɔe nana le ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu la, ɖi ɖase hekpe ɖe wo ŋuti.


Eye Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Mana bena: Kpɔ ɖa, woɖo amesia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple tsitretsitsi le Israel, kple dzesi, si woagblɔ nya ɖe eŋuti;


Eye woxɔ Yerusalem. Babel-fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔ blibo la va Yerusalem heɖe to ɖee le Yuda-fia Zedekiya ƒe ƒe asiekelia me le dzinu ewolia dzi,


Ne èbe, yeatsɔ nusi wotɔna le agba me asa nuɖuvɔe la, ekema wòanye wɔ memee, si wode amũ; nu maʋamaʋã wòanye.


eye wogbã du la le Zedekiya ƒe ƒe wuiɖekɛlia me le dzinu enelia ƒe ŋkeke asiekelia dzi.


Tɔ dzo akpa etɔ̃liawo ɖeka ɖe dua me, nenye be, toɖeɖe ƒe ŋkekeawo wu enu; tsɔ yi fũ akpa etɔ̃liawo ɖeka ƒo xlãe godoo, eye natsɔ akpa etɔ̃liawo ɖeka ahlẽ ɖe ya nu, eye maɖi yi anɔ wo yome.


Ado ta me be, yeatsɔ yeƒe fiaɖuƒe blibo la ƒe aʋakɔwo vɛ; eye wòaɖu dzo kplii ahatsɔ vianyɔnu nɛ wòaɖe, ne wòagblẽ anyigba la; ke mava me o, eye medze edzi nɛ o.


Ale tasiaɖamwo yɔ wò bali nyuitɔwo me, eye sodolawo dze aʋa ɖe wò agbowo ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite