Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hezekiel 4:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 ɖo toɖelawo eŋu, eye natu dzɔlawo ƒe xɔ tsrala ɖe, eŋu, ƒu kpo ɖe eŋu, ɖe aʋakɔwo ɖo eŋu, eye natsɔ gligbãnuwo ƒo xlãe godoo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Na ameawo naɖe to ɖee; tu nu siwo woatsɔ aɖe to ɖee la ɖe eŋu. Tu xɔ tsralawo ɖe eŋu, eye nàtu gligbãnuwo aƒo xlãe.

Gade chapit la Kopi




Hezekiel 4:2
12 Referans Kwoze  

Ekema nye hã maƒo asi kpoloe, eye nye dziku nu afa, nye Yehowa ye gblɔe.


Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Milã eƒe atiwo, eye miƒu kpo ɖe Yerusalem ŋu; eyae nye du, si woahe to na, eye ŋutasesẽ yɔe fũ.


Babel-fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔ blibo la ho ɖe Yerusalem ŋu le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekelia me le dzinu ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi; woɖe to ɖee, eye woƒu kpo ɖe eŋu godoo va kpe.


Azɔ wova ɖe to ɖe wo le Abel-Bet-Maaxa, eye woƒu kpo ɖe du la ŋu vaseɖe glia dzi. Eye aʋakɔ blibo, si le Yoab ŋu la, lu ɖe eme, be woamũ gli la.


Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe du siawo me xɔwo kple Yuda-fiawo ƒe xɔwo, siwo wogbã ƒu anyi le kpoƒuƒuawo kple yi ta la ŋuti enye si:


Tɔ dzo akpa etɔ̃liawo ɖeka ɖe dua me, nenye be, toɖeɖe ƒe ŋkekeawo wu enu; tsɔ yi fũ akpa etɔ̃liawo ɖeka ƒo xlãe godoo, eye natsɔ akpa etɔ̃liawo ɖeka ahlẽ ɖe ya nu, eye maɖi yi anɔ wo yome.


Anyiehefia ava aƒu kpo, eye wòaxɔ du sesẽ la; dzieheʋakɔ manɔ te o, eye eƒe ame tiatiawo mate ŋu ana te o.


Ale tasiaɖamwo yɔ wò bali nyuitɔwo me, eye sodolawo dze aʋa ɖe wò agbowo ŋu.


Kpɔ ɖa, kpoƒuƒu va keke dua ŋu ke, ne woaxɔe, eye woatsɔ du la ade asi na Kaldeatɔ, siwo le aʋa wum kplii, le yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ta; nya, si nègblɔ la, va me, eye nèle ekpɔm tso,


Yerusalem ƒe dzidzenu dze ɖusi me nɛ, ne woatu gligbãnu, woake nu ado ɣli, eye woatso ayiboopɛ sesĩe, woatu gligbãnu ɖe eƒe agbowo ŋu, woaƒu kpo, eye woatu dzɔlawo ƒe xɔ tsralawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite