Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hezekiel 3:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye wògblɔ nam bena: Amevi, lé nya, siwo katã gblɔ ge mala na wò la, ɖe wò dzi me, eye nase wo kple wò to.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖo to nyuie, eye nàlé nya siwo katã megblɔ na wò la me ɖe dzi me.

Gade chapit la Kopi




Hezekiel 3:10
13 Referans Kwoze  

Meɣla wò nyawo ɖe nye dzi me, ne nyemagawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò o.


Xɔ nufiafia tso eƒe nu me, eye eƒe nuƒoƒo nede dzigbɔ na wò!


Azɔ mlɔeba la, nɔviwo, miele kuku ɖem, eye míele nu xlɔ̃m mi le Aƒetɔ Yesu me, bene abe alesi miexɔe tso mia gbɔ, alesi dze be, miazɔ, eye miadze Mawu ŋu, eye abe alesi miezɔna hã ene la, miayi dzi geɖe wu;


Eye le esia ta míawo hã miedaa akpe na Mawu ɖaa bena, esime miexɔ mawunya, si miese le mía nu la, miexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã, si hã sẽa ŋu le mi, amesiwo xɔnɛ sena la me ene.


Eye esi le anyigba nyui la me la, woawo nye amesiwo se nya la kple dzi nyui, si dza, eye wòlé eme ɖe asi sesĩe, eye wotsena le dzigbɔɖanyi me.


Ke wò amevi, se nya, si gblɔ ge mala na wò, eye megasẽ to abe ƒome sẽto la ene o! Ke wò nu naɖu nusi tso ge mala na wò la!


Se aɖaŋuɖoɖo, eye naxɔ amehehe na ɖokuiwò, ne nadze nunya le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me.


Mixɔ nye amehehe wu klosalo kple sidzedze wu sika nyuitɔ.


ke boŋ gblɔ nye nyawo na wo, wosee o, womeɖasee o; elabena ƒome sẽto wonye.


Mawɔ wò ŋku me wòase abe lotamekpe ene, eye wòalia wu ahliha; megavɔ̃ wo o, eye womegatso dzika ƒo na wò o, elabena ƒome sẽto wonye.


Yi aboyome, siwo nye mia ɖeviwo la gbɔ, eye naƒo nu kpli wo agblɔ na wo bena: „Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi“; wosee o, womeɖasee o!


Mase nusi gblɔ ge Mawu Yehowa ala; elabena agblɔŋutifafa na eƒe dukɔ kple eƒe mawumemewo, eye malɔ̃ be, woagatrɔ ɖe bometsitsi ŋu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite