Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hezekiel 26:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Amevi, esi Tiro le ehẽ dom de Yerusalem ŋu be: Dukɔwo ƒe agbo gbã, eyi de dzinye, eye nu abɔ de asinye, le esi wòzu gbegbe ŋuti la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 “Ame vi, esi Tirotɔwo gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Ahã! Dukɔwo ƒe agbo kaka, eye woƒe ʋɔtruwo ʋu nam. Azɔ esi eƒe dua gbã ta la, nuwo adze edzi nam’ ta la,

Gade chapit la Kopi




Hezekiel 26:2
27 Referans Kwoze  

Ye ado viviti, eye ɣleti azu ʋu, hafi. Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi futɔ la le ehẽ dom ɖe mia ŋu be, blematowo zu yewo tɔ la,


na Tiro-fiawo katã, Zidon-fiawo katã kple ƒukpowo dzi fia, siwo le atsiaƒu ƒe go keme;


eye màtsɔe ana ɣedzeƒeviwo akpe ɖe Amon-viwo ƒe anyigba ŋu, ne wòanye wo tɔ, eye ŋku magadze Amon-viwo dzi le dukɔwo dome azɔ o.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi nèƒu akpe, eye nètu afɔ anyi hekpɔ dzidzɔ tso wò dzi blibo me ɖe Israel-nyigba ŋu ɖe fewuɖuɖu me la,


Ao, du, si ame yɔ, tsi akogo! Du ga le dukɔwo dome zu ahosi; duwo ƒe fia zu yakadɔwɔla.


Ɖe Amon-viwo ŋu: Ale Yehowa gblɔ esi: ɖe ŋutsuvia ɖeke mele Israel si, alo domenyilaa ɖeke mele esi oa? Nukaŋuti Malkam xɔ Gad wɔ etɔe, eye eƒe dukɔ le eƒe duwo me?


le ŋkeke, si gbɔna la ta, be woagblẽ Filistitowo katã, eye woatsrɔ̃ Tiro kple Sidon ƒe xɔnametɔ susɔeawo; elabena Yehowa le Filistitɔ, siwo kpɔtɔ ɖe Kaftor-ƒukpo dzi la gblẽ ge.


Eye natsɔe de dɔla, siwo va Yuda-fia Zedekiya gbɔ le Yerusalem la si aɖo ɖe Edom-fia, Moab-fia, Amon-viwo ƒe fia, Tiro-fia kple Sidon-fia.


Edom ƒe agbadɔwo kple Ismaeltɔwo, Moabtɔwo kple Hagaritɔwo,


Ŋu nekpe amesiwo le nye agbe yome tim la, eye woƒe mo netsi dã; amesiwo le nye dzɔgbevɔ̃e dim la, nete gbugbɔ ɖe megbe, eye ŋukpe nelé wo!


Ŋu nekpe amesiwo le nye agbe dim, be yewoaɖe ɖa la, eye wo katã ƒe mo netsi dã, amesiwo le nye dzɔgbevɔ̃e dim la, nete gbugbɔ ɖe megbe, eye ŋukpe nelé wo!


Woke woƒe nu baa ɖe ŋunye le gbɔgblɔm be: Ehɛ̃, ehɛ̃, míaƒe ŋkuwo kpɔe!


Eye Tiro-fia Xiram ɖo amewo kple sedertiwo ɖe Dawid hekpe ɖe atikpalawo kple kpefulawo ŋu, ne woatu xɔ na Dawid.


Eye liƒo la tro to Rama kple du sesẽ Tirus gbɔ, eye wònyè kpo to Xosa heva wu nu ɖe ƒu nu tso Axsib-nuto me


Mito agboawo me yi, mito wo me yi! Midzra mɔ dzi ɖo na dukɔ la; mido mɔ, miɖo mɔ, miɖe kpewo ɖa, mikɔ aflaga dzi na dukɔwo!


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi Moab kple Seir wole gbɔgblɔm be, Yuda ƒe aƒe la zu abe dukɔ bubuwo katã ene la,


Eye Yehowa ƒe gbe va nam le ƒe wuiɖekɛlia me le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi bena:


Esi nèle gbɔgblɔm be, dukɔ eve mawo kple anyigba eve mawo anye ye tɔ, eye yewoe axɔe wòanye yewo tɔ, evɔ wònye Yehowa nɔ afima kpɔ hafi la,


Dzidzi neƒo amesiwo le gbɔgblɔm ɖe ŋunye be: Ehɛ̃, ehɛ̃! la, le woƒe ŋukpe la ta!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite