Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hezekiel 26:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eƒe sɔ gbogboawo ƒe ʋuʋudedi abla wò kɔtɔɔ, eye sɔdolawo, tasiaɖamfɔwo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ana be, wò gliwo nadzo kpekpekpe, ne ege de wò agbowo me, abe alesi wogena de du gbagbã me ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Eƒe sɔwo asɔ gbɔ ale gbegbe be woana ʋuʋudedi natsyɔ dziwò. Aʋawɔsɔwo, kekewo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ana wò gliwo naʋuʋu kpekpekpe, ne ege ɖe wò agbowo me abe ale si amewo gena ɖe du si ŋu gli gbã le la me ene.

Gade chapit la Kopi




Hezekiel 26:10
11 Referans Kwoze  

Kuɖɔɖolawo ƒe ɣli ana ƒutawo nadzo kpekpekpe,


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe Tiro ŋu enye si: Ne amesiwo woda nui, le ŋeŋem, eye wowu amewo le mewo la, wò anyidzedze ƒe didi ana ƒukpowo nadzo kpekpekpe.


le sɔtsuwo ƒe afɔtutu anyi kpitikpiti, le tasiaɖamwo ƒe zinyenyẽ kple tasiaɖamfɔwo ƒe hoowɔwɔ ta; fofowo matrɔ ɖe wo viwo ŋu o, elabena woƒe asi ado agblɔ


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, makplɔ Babel-fia Nebukadnezar, amesi nye fiawo dzi fia, atso anyiehe akpe ɖe sɔwo, tasiaɖamwo kple sɔdolawo, amehawo kple dukɔ geɖe ŋu ava ƒo ɖe Tiro dzi.


Kpɔ ɖa, eho gbɔna abe alilikpo ene, eƒe tasiaɖamwo le abe ahom ene, eye eƒe sɔwo ɖia ɖu wu hɔ̃; baba na mí, elabena míetsrɔ̃.


Tete dukɔ la tso aseye, eye woku akɔfɛawo. Esi dukɔ la se akɔfɛawo ƒe ɖiɖi la, wotso aseye hoo, tete ɖu la ƒe gliwo mu ɖo baba, eye dukɔ la ge ɖe dua me, amesiame kpɔ ŋgɔ tẽ, eye woxɔ du la.


Ne wonyã ku lãdzoawo tsiã ɖe nu miese ko la, dukɔ blibo la natso aseye hoo, ekema du la ƒe gliwo aŋe adze eme, eye dukɔ la nakpɔ ŋgɔ tẽ age ɖe me.


Eye Babel-fia ƒe amegãwo katã va bɔbɔ nɔ agbo dometɔ nu; Nergal-Sarezer, Samgar-Nebo, Sarsexim, amesi nye aƒedzikpɔlawo ƒe amegã, kple Nergal-Sarezer, amesi nye trɔ̃nuawo ƒe amegã, hekpe ɖe Babel-fia ƒe amegãwo katã ŋu.


Woatsɔ tasiaɖam kple tasiaɖamfɔ geɖewo ava ƒo ɖe dziwò, woatsɔ akpoxɔnu gã kple via kpakple gakuku adze aʋa ɖe ŋuwò godoo, eye matsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ade asi na wo, ne woadrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe woƒe se nu.


Atsɔ eƒe gligbãnuwo atu wò gli, eye wòatsɔ eƒe fiawo agba wò xɔ tsralawo aƒu anyi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite