Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hezekiel 23:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Wowɔ gbolo le Egipte, woƒe ɖetugbimee wowɔ gbolo le; afima wolé no na wo le, eye afima wofanya akɔnu na wo le.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Wozu gbolowo le Egipte, eye wowɔ gbolo tso keke woƒe ɖetugbime ke. Le anyigba ma dzi la, wolé no na wo, eye woli asi woƒe akɔnu.

Gade chapit la Kopi




Hezekiel 23:3
17 Referans Kwoze  

Womegatsɔ woƒe lãwo sa vɔ na azizã, siwo wosubɔna la o. Ɖoɖo mavɔ wòanye na wo kple woƒe dzidzimeviwo.


Le wò ŋunyɔnuwo katã kple wò gbolowɔwɔwo me la mèɖo ŋu wò ɖevimenɔɣi, esime nèɖe ama le ƒeƒle hele afɔti dam le wò ʋu me la o.


Eyata mivɔ̃ Yehowa, eye misubɔe blibo le nyateƒe me, miɖe mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo kple Egipte la ɖa, eye misubɔ Yehowa!


Yehowa be: Mahe to nɛ ɖe ŋkeke, siwo wòɖo dzudzɔ na Baalwo, wòɖe woƒe ga ŋɔti kple woƒe kɔsɔkɔsɔ kɔ, eye wodze eƒe ahiãviwo yome heŋlɔ nyea be la ta.


Eɖo ŋku wò ŋukpenanuwɔwɔ le wò ɖetugbime dzi, esime Egiptetɔwo fanya wò akɔnu, eye wòlé wò ɖetugbimeno.


Egawɔ gbolo ɖe edzi, eye wòɖo ŋu eƒe ɖetugbimenɔɣi, esime wòwɔ gbolo le Egipte-nyigba dzi.


Ke meɖe asi le eƒe gbolowɔwɔ tso Egipte ŋu o, elabena woawoe de asi eŋu le eƒe ɖetugbime, wofanya eƒe akɔnu, eye wolɔ woƒe amatrewɔwɔwo trɔ ɖe edzi.


Ke wosẽ to ɖe ŋunye, eye wogbe toɖoɖom; wo dometɔa ɖeke meɖe ŋunyɔnuawo ɖa le ŋku ta o, eye womeɖe asi le Egipte-legbawo ŋu o. Tete meɖo be, matrɔ nye dziku aƒo ɖe wo dzi, eye nye dɔmedzoe nabi avɔ ɖe wo ŋu le Egipte-nyigba dzi.


eye miekpɔ woƒe ŋunyɔnuwo kple legbawo, siwo nye ati, kpe, klosalo kple sika la, le wo gbɔ.


Eye woƒe ŋutilã kukuwo anɔ du gã la ƒe ablɔ me; woyɔ ɖu sia le lododo me bena: Sodom kple Egipte, afisi hã woklã woƒe Aƒetɔ ɖe ati ŋu le.


Eye wòva me be, wotsɔ woƒe ahasiwɔwɔ ƒe howɔwɔ gblẽ kɔ ɖo na anyigba la, eye wowɔ ahasi kple kpe kpakple ati.


Woƒe ŋkɔwo nye: xoxoetɔ nye Ohola, eye nɔvianyɔnu nye Oholiba, wozu tɔnye, eye wodzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Woyɔ Ohola be Samaria, eye Oholiba be Yerusalem.


Eye megblɔ be: Ɖe nyɔnu léayi aganɔ gbolo wɔma? Ɖe woaganɔ ahasi wɔm kpliia?


Esi Yehowa dze nuƒoƒo gome kple Hosea la, Yehowa gblɔ na Hosea bena: Yi naɖe gbolo, ne wòadzi ahasiviwo na wò; elabena anyigba la wɔ gbolo, eye wòtrɔ le Yehowa yome!


Ke eɖo dzi ɖe wò tugbedzedze ŋu, eye esi wò ŋkɔ nya ŋuti la, ètsɔ wò gbolowɔwɔ do dzodzoe ɖe amesiame, si va tso me yi la ŋu wòzu etɔ.


Mía dome amesiame neɖe ŋunyɔnu ɖa le ŋku ta, eye migatsɔ Egipte-legbawo gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui o; nye Yehowa ye nye mia Mawu.


Ànoe ƒiaƒiaƒia ahaɖuɖɔ eƒe gbagbana biɖabiɖa, eye ade abi wò no ŋu; Aƒetɔ Yehowa be: Nyee gblɔe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite