Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hezekiel 21:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye nagblɔ na dzieheve la bena: Se Yehowa ƒe gbe, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mado dzo ɖe mewo, ne wòafiã ati mumuwo katã kple ati ƒuƒuwo katã; womatsi dzo ƒe aɖeawo o, eye ŋkuwo katã me atɔ aka tso dziehe vaseɖe anyiehe;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Metsi tsitre ɖe ŋuwò. Maɖe nye yi le eƒe aku me, eye matsrɔ̃ wò ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa.

Gade chapit la Kopi




Hezekiel 21:3
37 Referans Kwoze  

Yehowa be: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe dziwò, wò balime nɔla, wò gbadzaƒe ƒe agakpe, mi amesiwo le gbɔgblɔm be: Ameka aɖi abu ɖe mía dzi, eye ameka ava mia nɔƒe?


Wo katã le ɖeka! Eyata mebe: Ame maɖifɔ kple fɔɖila siaa wotsrɔ̃na.


kpɔ ɖa, ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Maƒo ɖe dziwò, eye maɖe wò taɖedzi lewo ŋutɔ ŋkuwò me, mana dukɔwo nakpɔ wò ama, eye fiaɖuƒewo nakpɔ wò ŋukpeƒe.


Dzata lé nu alesi atu viawo nu, eye wòwu nu na dzatanɔwo; etsɔ adzonu yɔ eƒe ɖowo fũ kple nuléle yɔ enɔƒewoe.


eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, nye hã maƒo ɖe dziwò, eye madrɔ̃ ʋɔnu le mewò le dukɔwo ŋku me,


Yi, nyɔ ɖe nye lãkplɔvi kple ŋutsu, si mia kplii míebɔa ha la ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Dza lãkplɔvi, ne lãha nakaka ahlẽ! Ke matrɔ nye asi ɖe ame tsewo ŋu.


Maɖa nye yi mi Kusitɔwo hã!


eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Tiro, maƒo de dziwò, eye mana dukɔ geɖewo naho de ŋuwò, abe alesi atsiaƒu nana eƒe tsotsoewo honae ene.


Ke wò amevi, gblɔ nya ɖi, eye naƒo asi kpoloe, elabena yi la adzi ɖe edzi zi eve kple zi etɔ̃; amewuyie, amewuyi gã lae aɖe to ɖe wo.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ke ne meɖo yi, dɔwuame, lã wɔadã kple dɔvɔ̃, siwo nye nye tohenu vɔ̃ɖi eneawo ɖa ɖe Yerusalem ŋu, be matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le eme la,


Alo ne meɖo yi ɖe anyigba ma dzi hegblɔ be: Vi, to anyigba dzi yi, eye mebe, matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le edzi,


Wò akpa etɔ̃liawo ɖeka aku ɖe dɔvɔ̃ nu, eye dɔwuame atsrɔ̃ wo ɖe mewò; akpa etɔ̃liawo ɖeka atsi yi nu aƒo xlã wò godoo ava kpe, eye makaka akpa etɔ̃liawo ɖeka ahlẽ ɖe yawo katã nu, eye maɖi yi anɔ wo yome.


Yehowa be: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe dziwò, wò togblẽnu, si tsrɔ̃ anyigba blibo la, maɖo nye asi ɖa ɖe ŋuwò ahamli wò tso agakpe dzi aƒu anyi, eye matsɔ wò awɔ to fiafiãe,


Zũ kple aʋawɔnu nènye nam, wòe matsɔ agbã dukɔwoe gudugudu, eye wòe matsɔ atsrɔ̃ fiaɖuƒewoe.


Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, be: Kpɔ ɖa, mado ɖe dziwò, wò ame tovo; elabena: wò ŋkeke ɖe, wò toheɣi ɖo.


Elabena nye yi mũ aha le dziƒo, eye woge dze Edom, dukɔ, si medo busui la dzi hena ʋɔnudɔdrɔ̃.


Baba na Asur, nye dɔmedzoe ƒe ameƒoti wònye, eye nye dziku ƒe ati le esi me.


Nu ɖeka ƒomevie kpea amewo katã: Nya ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi, ame nyui, eme dzadzɛ kple eme madzamadza, vɔsala kple eme masavɔ, ame nyui kple nuvɔwɔlm atamkala kple amesi atam dzia ŋɔ na la dzi.


Yehowa, tso, naɖakpe wo, ƒu wo anyi, eye ɖe nye agbe tso ame vɔ̃ɖi la si me kple wò yi,


Maka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome, eye maɖi yi anɔ mia yomee, miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe duwo azu glikpo.


Maɖo yi de mia dome, bena woabia hiã de nubabla la ta, eye ne miesi aʋa yi de miaƒe duwo me la, ekema maɖo dɔvɔ̃ ɖe mia dome, eye matsɔ mi ade asi na miaƒe futɔwo.


Futɔ la gblɔ be: Mati wo yome, matu wo; mamã aboyonuwo me, hafi nye dzi nagbɔ ɖe me; maɖi nye yi, eye nye asi atsrɔ̃ wo!


Ame dzɔdzɔe kuna, eye medea dzigbɔ na amea ɖeke o, woɖea mawumemewo ɖa, ke amea ɖeke medzea sii be, vɔ̃ɖiwɔwɔ nu woɖea ame dzɔdzɔe ɖa le o.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi mieƒo nu dzodzroa, eye miekpɔ alakpanu la, eyata maƒo ɖe mia dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


eyata kpɔ ɖa, maƒo ɖe mia kple wò tɔsisiwo dzi, eye mana Egipte-nyigba nazu gbegbe kple aƒedo, tso Migdol va ke ɖe Siene ɖaseɖe Kus ƒe liƒo dzi.


Dzo fiã wo, wolã wo, eye wò ŋku me ŋɔdzidodo na wotsrɔ̃.


Alesi dzo bia ave, eye dzo ƒe ade tɔa dzo towoe la,


Ke ne miegbe toɖoɖom, miekɔ dzudzɔgbe la ŋu o, eye mietsɔ agba ge ɖe Yerusalem ƒe agbowo me le dzudzɔgbe dzi la, ekema mado dzo ɖe eƒe agbowo nu, be wòafiã Yerusalem ƒe fiasãwo, eye matsi o.


Yehowa be: Mahe to na mi ɖe miaƒe nuwɔwɔwo ƒe kutsetse nu, eye mado dzo ɖe woƒe ave me, ne wòabi woƒe nutowo katã me.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Baba na hlɔ̃dodu la! Nye hã matu nake ɖo gleglegle.


Midi Yehowa, be mianɔ agbe, ne magadze Yosef ƒe aƒe la dzi, abe dzo ene ahafiãe, eye dzotsilaa ɖeke manɔ anyi na Betel o;


Eye Aƒetɔ Yehowa na mekpɔ ŋutega, kpo ɖa, Aƒetɔ Yehowa yɔ dzo vɛ, be wòatsɔ ahe toe, eye wòfiã to gãwo helé agblewo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite