Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hezekiel 2:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Esi wòƒo nu kplim la, gbɔgbɔ la ɖo menye, eye wòfɔm ɖe te ɖe nye afɔwo dzi, eye melé to ɖe amesi le nu ƒom kplim la ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Esi wòƒo nu la, Gbɔgbɔ la ge ɖe menye, fɔm ɖe tsitre, eye mesee wònɔ nu ƒom nam.

Gade chapit la Kopi




Hezekiel 2:2
13 Referans Kwoze  

Eye gbagba la ɖo menye hefɔm ɖe te ɖe nye afɔwo dzi, eye wòƒo nu kplim gblɔ nam bena: Yi naɖatu ʋɔ ɖe ɖokuiwò nu le aƒewò me.


Tete gbɔgbɔ la kɔnu eye mese hoowɔwɔ abe anyigbaʋuʋu gãa ɖe ene le megbenye, esime Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ho le eteƒe,


Eye ŋkeke etɔ̃ kple afã megbe la agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe wo me, eye wotsi tre ɖe woƒe afɔwo dzi, eye vɔvɔ̃ gãa ɖe va dze amesiwo kpɔ wo la dzi.


Eye esi wole nu ƒom kplim la, ŋuzi tsɔm metsyɔ mo anyi. Tete wòka asi ŋunye hefɔm ɖe tsitrenu ɖe nɔnyeƒe.


Maɖe nye gbɔgbɔ mia me, eye mana be, miazɔ ɖe nye ɖoɖowo kple nye sewo nu, ne mialé wo me ɖe asi ahawɔ wo dzi.


Tete gbɔgbɔ la kɔm dzoe, eye melé nye mɔ tsɔ, dzi kum vevie, eye Yehowa ƒe asi nu sẽ ɖe dzinye.


Ezi kpi kpɔ wo ƒe geɖe, eye nètsɔ wò gbɔgbɔ xlɔ̃ nu wo to wò nyagblɔɖilawo dzi, gake womeɖo toe o, eyata nètsɔ wo ɖe asi na anyigba dzi dukɔwo.


Tete Samuel tsɔ lãdzo, si me ami le, eye wòsi ami nɛ le nɔviawo dome. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Dawid dzi tso gbemagbe dzi. Eye Samuel dze mo yi Rama.


Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ ɖe asi edzi dzedze me le Dan ƒe asaɖa, si le Zora kple Estaol dome la me.


Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ va dzinye, eye wògblɔ nam bena: Gblɔ be: Ale Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, ale mieƒo nu enye si, eye nusi do tso dzi me na mi la, menyae.


Do lo na ƒome sẽto la, eye nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Tsɔ gaze ɖo dzoe, tsɔe ɖo dzoe, eye naku tsi ɖe eme!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite