Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hezekiel 10:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye meɖo ŋku anyi, kpɔ ɖa, nane ɖi fiazikpui do ɖe dziŋgɔli, si le Kerubiawo ta me la dzi le dzedzem abe gbloti ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ nu si ɖi fiazikpui si wowɔ kple kpe xɔasi la wònɔ teƒe keke si nɔ kerubiawo tame.

Gade chapit la Kopi




Hezekiel 10:1
27 Referans Kwoze  

eye wokpɔ Israel ƒe Mawu la, eƒe afɔgbɔ le abe gbloti, alo abe alesi alilime kɔna keŋkeŋ ene.


eye le sikakaɖiti adreawo titina la amea ɖe li, si ɖi amegbetɔvi, edo awu ʋlaya, eye wotsɔ sikalidziblanu bla akɔta.


amesi yi ɖe dziƒo, eye wòle Mawu ƒe nuɖusi me, eye mawudɔlawo kple dziɖuɖuwõ kpakple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.


esi wòwɔ le Kristo me, esime wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔe ɖo ye ŋutɔ ƒe nuɖusi me le dziƒonutowo me


Amea ɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o; Tenuvi si le Fofoa kɔme la, eya gblɔe fia mi.


Mayi nye dzɔƒe, eye matsi tre ɖe xɔta, ne matsa ŋu akpɔ nya, si wòle gbɔgblɔ ge nam, kple nya, si tsɔ ge wòala aɖo nye nyahehe ŋu nam


Tete Kerubiawo ƒo aʋala, eye tasiaɖamfɔawo kpe ɖe wo ŋu, eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe le wo ta me.


Woawo nye nu gbagbe, siwo mekpɔ le Israel ƒe Mawu la gɔme le Kebar-tɔsisi la nu; azɔ medze sii be, Kerubiwo wonye.


Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye bena:


Le ŋkeke geɖe megbe la Yehowa gblɔ nam be: Tso nayi Frat nu naɖatsɔ alidziblanu, si megblɔ na wò be, naɣla ɖe afima la.


Eviã dziƒo heɖi ɖe anyi, eye alilikpo dodo le eƒe afɔwo te.


Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena: Kpɔ ɖa, metsɔ Yerixo kple eme fia kpakple kalẽtɔwo ɖe asi na wò.


Tete Yakob biae bena: Meɖe kuku, yɔ wò ŋkɔ nam! Eɖo ŋu bena: Nukaŋuti gɔ̃ nèle nye ŋkɔ ta biam? Eye wòyrae lé afima.


Eye esi wòna woɖe tsi wo kple nusiwo katã le esi, yi ɖe tɔa godo la,


Eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, medo dzi be, maƒo nu kpli wò Aƒetɔ. Ɖewohi woakpɔ ame blave le eme. Eɖo ŋu nɛ be: Le ame blave ta nyematsrɔ̃ wo o.


Esia megbe la ŋutsuawo trɔ yi Sodom; ke Abraham gatɔ ɖe Yehowa gbɔ ko.


Eye Yehowa gblɔ bena: Ɖe maɣla nusi wɔ ge mala la, ɖe Abraham,


Esi wòfɔ mo te la, kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ le tsitre le eŋgɔ ɖa; eye esi wòkpɔ wo ko la, eƒu du tso eƒe agbadɔ nu yi ɖakpe wo, eye wobɔbɔ tsyɔ mo anyi.


Tete wònyã ame la, eye wòna Kerubiwo tsɔ yi, si trɔa eɖokui, eye wòklẽna abe dzo ƒe aɖe ene la, ɖanɔ Eden-bɔ la ƒe ɣedzeƒe gome, bena woadzɔ agbeti la mɔ nu.


Eye kpɔ ɖa, ŋutsu, si ta aklala, eye agbalẽŋlɔnu le aklito nɛ la, trɔ gbɔ gblɔ bena: Mewo, abe alesi nède se nam ene.


Le ƒe blaatɔ̃lia me le dzinu enelia ƒe ŋkeke atɔ̃lia dzi, esime mele aboyomewo dome le Kebar-tɔsisi to la, eva me be, dziƒo nu ʋu, eye mekpɔ Mawu ƒe ŋutega.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite