Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hezekiel 1:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Yehowa ƒe gbe va na Xezekiel, nunɔla Buzi vi, le Kebar-tɔsisi la nu le Kaldea-nyigba dzi, eye Yehowa ƒe asi va edzi le afima.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Yehowa ƒe gbe va na nunɔla Hezekiel, Buzi ƒe vi, le Kebar Tɔsisi la to, le Babilonianyigba dzi. Yehowa ƒe asi va edzi le afi ma.

Gade chapit la Kopi




Hezekiel 1:3
23 Referans Kwoze  

Eye Yehowa ƒe asi va dzinye le afima wògblɔ nam bena: Tso nayi bali la me, ne maƒo nu kpli wò le afima!


Tete gbɔgbɔ la kɔm dzoe, eye melé nye mɔ tsɔ, dzi kum vevie, eye Yehowa ƒe asi nu sẽ ɖe dzinye.


Azɔ miyɔ kasaŋkuƒolaa ɖe ɖem! Esime kasaŋkuƒola le saŋkua ƒom la, tete Yehowa ƒe asi va edzi,


Ke Yehowa ƒe asi va Eliya dzi, eye wòbla ali dzi heƒu du dze Axab ŋgɔ vaseɖe Yezreel.


Le aboyoɖeɖe mí ƒe ƒe blave vɔ atɔ̃lia ƒe gɔmedzedzea me, le dzinu la ƒe ŋkeke ewolia dzi, le esi wòsi du la ƒe wuiene megbe la, ŋkeke ma dzi tututu Yehowa ƒe asi va dzinye, eye wòkplɔm yi afimae.


Eye Yehowa ƒe asi va dzinye, eye wòtsɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ kplɔm yi ɖada ɖe tagba, si yɔ fũ kple ameƒuwo.


Eye Yehowa ƒe asi va dzinye le fiẽ, hafi ame sisi la nava, eye wòʋu nu nam, hafi wòva le ŋdi; ale nye nu ʋu, eye nyemegazi kpi azɔ o.


Eye wòva me, esime mebɔbɔ nɔ aƒenye me le ƒe adelia me, le dzinu adelia ƒe ŋkeke atɔ̃lia dzi, eye Yuda ame tsitsiwo bɔbɔ nɔ ŋkunye me la, Aƒetɔ Yehowa ƒe asi va dzinye le afima.


Ke Gbɔgbɔ la gblɔe kɔte bena, le ŋkeke mamleawo me la amea ɖewo ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia


Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Yoel, Petuel vi.


Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Hosea, Beeri vi, le Yuɖafiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli kpakple Israel-fia Yerobeam, Yoas vi ŋɔli.


Le ƒe blaatɔ̃lia me le dzinu enelia ƒe ŋkeke atɔ̃lia dzi, esime mele aboyomewo dome le Kebar-tɔsisi to la, eva me be, dziƒo nu ʋu, eye mekpɔ Mawu ƒe ŋutega.


eya gbɔ Yehowa ƒe gbe va le Yuda-fia Yosiya, Amon vi ŋɔli le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuietɔ̃lia me;


Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye be:


elabena nyagbɔgblɔɖia ɖeke metso lãme ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae ʋã Mawu ƒe ame kɔkɔewo, hafi wogblɔ nya ɖi.


Babel-tɔsisiwo nu, gama míebɔbɔ nɔ anyi ɖo hele avi fam, esime míaƒe ŋku ɖo Zion dzi.


Eye Kerubiawo ka wo ɖokui dzi; woawoe nye nu gbagbe, siwo mekpe le Kebar-tɔsisi la nu.


Maɖo ɖɔ nɛ, eye nye mɔ̃ aɖee, makplɔe ayi Babel le Kaldeatɔwo ƒe anyigba dzi, ke makpɔe o, eye afima wòaku ɖo.


Eye nusi mekpɔ la, le abe esi mekpɔ, esime meva dua gblẽ ge la ene, eye nɔnɔmeawo le abe esiwo mekpɔ le Kebar-tɔsisi la nu ene. Tete metsyɔ mo anyi.


Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi la menɔ Xidekel tɔsisi gã la te


Ke miawo miele gbɔgblɔm be, Yehowa ye ɖo nyagblɔɖilawo na yewo le Babel.


Eye meva Tel-Abib le aboyome, siwo le Kebar-tɔsisi nu la gbɔ, eye menɔ wo dome le afima ŋkeke adre nu maƒomaƒoe.


Tete metso heyi bali la me, eye kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le tsitre ɖe afima abe ŋutikɔkɔe, si mekpɔ le Kebar-tɔsisi la nu ene, eye metsyɔ mo anyi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite