Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 9:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 esi nye lododo na ɣeyiɣi, si gali fifi, esi me wotsoa nunana kple vɔsasa, siwo mate ŋu awɔ amesiwo le Mawu subɔm la blibo le dzitsinya nu o la, nana lena;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Esiae nye nufiafia tso fifia ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti, esi le asi tɔm edzi be nunana kple vɔsa siwo wowɔna na Mawu la mate ŋu aɖe vɔ̃ ɖa le ame si le subɔsubɔ wɔm la ƒe susu me o.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 9:9
16 Referans Kwoze  

nusi nye kpɔɖeŋu na mawutsidedetaname, si ɖe miawo hã azɔ, si menye ŋutilãɖiƒoƒo ɖeɖeɖa o, ke boŋ dzitsinya nyui ƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu heto Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me,


Elabena nunɔlagã sia nunɔlagã, si wotsɔ tso amewo dome la, woɖoe anyi le amewo ta le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòatsɔ nunanawo kple numemewo ana le nuvɔ̃wo ta,


gake ku la ɖu fia tso Adam dzi vaseɖe Mose dzi ɖe amesiwo mewɔ nuvɔ̃, si sɔ kple Adam ƒe dzidada o la dzi, amesi nye amesi gbɔna la ƒe kpɔɖeŋu la.


elabena esusu bena, ŋusẽ le Mawu si be, wòafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ke hã; eyaŋuti wògaxɔe le tsɔtsɔna sia ta.


Eye nunɔla sia nunɔla nɔa tsitre gbesiagbe henɔa Mawu subɔm, eye wònɔa vɔsa mawo ke, siwo mate ŋu aɖe nuvɔ̃wo ɖa akpɔ o la, tsɔm nɔa nanam agbadre;


Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe, si wotso asi wɔe wònye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu la me o; ke dziƒo ŋutɔ wòyi, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta;


Azɔ la ne blibonyenye vana toa Lewitɔwo ƒe nunɔlanyenye me — elabena dukɔ la xɔ se la le eya te la — nukaŋuti wògahiã bena, nunɔla bubu natsi tre le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu, eye womabui le Aron ƒe ɖoɖo la nu o mahã?


Azɔ la, ɖe se la tsi tre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti mahã? Gbeɖe! Elabena ɖe wona sea ɖe, si ate ŋu ana agbe la, anye ne se la me ke dzodzoenyenye la tso vavã.


Azɔ la ne enɔ anyigba dzi la, mele nunɔla nye ge kura o; elabena nunɔlawo li, amesiwo tsɔa nunanawo vanɛ le se la nu,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite