Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 9:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖe esia fia bena, womeʋu mɔ yi ɖe kɔkɔeƒe la me haɖe o, ŋkeke alesi agbadɔ ŋgɔgbetɔ la gali ko,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖee fia to esia dzi be womeklo nu le mɔ si yi Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la dzi haɖe o, zi ale si Agbadɔ gbãtɔ la gale te nu ko.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 9:8
15 Referans Kwoze  

Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.


Eyaŋuti abe alesi Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ ene be: „Egbegbe, ne miese eƒe gbe la,


Elabena eyama ke me mi kpakple eve la katã míekpɔ mɔnu le Gbɔgbɔ ɖeka me la heyina Fofo la gbɔ.


elabena nyagbɔgblɔɖia ɖeke metso lãme ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae ʋã Mawu ƒe ame kɔkɔewo, hafi wogblɔ nya ɖi.


Ke le xɔmetsovɔ evelia megbe la agbadɔ, si woyɔna be kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la li,


Ke esi ŋɔŋlɔ la kpɔ ɖi bena, Mawu tso afia na trɔ̃subɔlawo tso xɔse me la, eyaŋuti wògblɔ nyanyuie la ɖi na Abraham bena: „Wò me woayra trɔ̃subɔlawo katã le.“


Nyee nye agbo la; ne amea ɖe to menye yi ɖe eme la, akpɔ ɖeɖe, eye wòayi ɖe eme agado go, eye wòakpɔ nyiƒe.


Eye esi woƒe gbe mesɔ o la, wodzo le nya ɖeka, si Paulo gblɔ la ta bena, Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔe nyuie na nua fofowo to nyagblɔɖila Yesaya dzi bena:


Azɔ Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Nyee nye agbo na alẽawo.


Tete eƒe dukɔ la ɖo ŋku Mose dzi le blema ŋkekewo me be: Afika amesi kplɔ wo tso atsiaƒu hekpe ɖe eƒe lãha ƒe kplɔla ŋu la le? Afika amesi na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe nɔ wo dome la le?


Ke Gbɔgbɔ kɔkɔe hã ɖi ɖase le eŋuti na mí;


Eye ɖevi la tsi, eye wòva sẽ ŋu le gbɔgbɔ la me; eye wòle gbedzi vaseɖe eɖeɖefia Israel ŋkeke dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite