Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 9:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke esi wodzra nusiawo ɖo alea vɔ la, nunɔlawo nɔa agbadɔ ŋgɔgbetɔ me yim ɖaa ɖawɔa mawusubɔsubɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Ne nu sia nu sɔ gbe vɔ la, nunɔlawo gena ɖe xɔ ŋgɔgbetɔ me ɖaa edzedzi, eye wowɔa mawusubɔsubɔdɔ.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 9:6
9 Referans Kwoze  

Gblɔ na wo bena: Dzovɔ, si miasa na Yehowa la, enye si: Miatsɔ alẽvi eve, siwo sɔ blibo, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, asa numevɔe gbesiagbe.


le Mawu ƒe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nubablaɖaka ŋku me la ŋgɔ, eye Aron kple viaŋutsuwo nadzrae ɖo, bena wòanɔ bibim le Yehowa ƒe ŋku me tso fiẽ vaseɖe ŋdi. Esia anye ɖoɖo na Israel-viwo kple woƒe dzidzimeviwo tegbee.


Edo eɖokui de dzi de aʋakɔwo ƒe amegã hã ŋu, eye wòxɔ gbesiagbe vɔsa le esi hegbã eƒe nɔƒe kɔkɔe la.


Na nɔviwowo, amesiwo tso fofowò Lewi ƒe toa me la, nava kpli wò, eye woanɔ ŋuwò awɔ subɔsubɔdɔ, ne mia kple viwòŋutsuawo miele agbadɔ, si me sea le la ŋgɔ.


amesiwo nye Israeltɔwo, amesiwo to nye vinyenye la kple ŋutikɔkɔe la kple nubablawo kple senana la kple mawusubɔsubɔ la kpakple ŋugbedodoawo;


Azɔ la ne blibonyenye vana toa Lewitɔwo ƒe nunɔlanyenye me — elabena dukɔ la xɔ se la le eya te la — nukaŋuti wògahiã bena, nunɔla bubu natsi tre le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu, eye womabui le Aron ƒe ɖoɖo la nu o mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite