Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 9:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eyata ele vevie bena, woatsɔ nusiawo akɔ nusiwo nye dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu la ŋuti; ke dziƒonuawo ŋutɔ la wotsɔ vɔsasa, siwo nyo wu esiawo la, ko wo ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Eya ta ehiã kokoko be woakɔ nu siwo nye dziƒonuwo ƒe vɔvɔli ŋuti kple vɔsa siawo, gake woakɔ dziƒonuawo ŋutɔ ŋu kple vɔsa siwo de ŋgɔ wu esiawo.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 9:23
14 Referans Kwoze  

elabena nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu mate ŋu aɖe nuvɔ̃wo ɖa akpɔ o.


geɖe aleke wu Kristo, amesi to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsasa mokaka manɔŋutɔ ene la, ƒe ʋu maklɔ miaƒe dzitsinya tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bena miasubɔ Mawu gbagbe la o mahã?


Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe, si wotso asi wɔe wònye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu la me o; ke dziƒo ŋutɔ wòyi, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta;


nenem me siawo subɔa nusiwo nye dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu kple vɔvɔli, abe alesi Mawu ɖee fia Mose, esime wòle agbadɔ la wɔ ge la ene; elabena egblɔ be: „Kpɔ dzi, be nawɔ nuwo katã ɖe nɔnɔme, si wofiã wo le toa dzi la nu.“


Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu,


Esiawo nye nusiwo gbɔna la ƒe vɔvɔli; ke nu la ŋutɔ le Kristo me va.


eye wògblɔ na wo bena: Nenema woŋlɔ ɖi bena: Kristo lakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe;


Alo mele na Kristo be, wòakpe nusiawo ƒe fu, eye wòayi ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?


Elabena esi wònye nu nyui, siwo le vava ge la, ƒe vɔvɔli koe li na se la, eye menye nuawo ƒe nɔnɔme vavã o ŋuti la, eyata ƒe sia ƒe vɔsasa, siwo wotsɔna nana ɖaasi la, mate ŋu awɔ amesiwo tena va egbɔ la, blibo gbeɖegbeɖe o;


Eye ne meyi, eye medzra teƒe ɖo ɖi na mi la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bena afisi nye la mele la, miawo hã mianɔ afima.


Eyaŋuti azɔ la miawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo mina aʋafia gã la nanyae, bena wòakplɔe aɖi va mia gbɔ, abe ɖe miele eƒe nya la gɔme bia ge ase tsitotsito awu tsãtɔ ene, eye miawo la miesu te bena, hafi wòate va la, miawui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite