Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hebritɔwo 9:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye mate ŋu agblɔ kloe bena, wotso ʋu klo nuwo katã ŋuti le se la nu, eye ne womekɔ ʋu ɖe anyi o la, nuvɔ̃kekea ɖeke manɔ anyi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Le nyateƒe me la, se la bia be woakɔ nu sia nu kloe ŋuti kple ʋu, eye ne womekɔ ʋu ɖi o la, nu vɔ̃ tsɔtsɔke manɔ anyi o.

Gade chapit la Kopi




Hebritɔwo 9:22
14 Referans Kwoze  

Elabena agbe le ʋu la me, eye metsɔe na mi, bena woatsɔ alé avui, elabena agbe le eme.


Esia nye nuɖuvɔsa ŋu se: Aron viŋutsuwo natsɔe ava vɔsamlekpui la gbɔ, le Yehowa ƒe ŋku me.


Eye wòaɖe eƒe amiwo katã le eŋu, abe alesi wòɖea ami le akpedavɔsalã ŋu ene, eye nunɔla natsɔ wo aɖa ɖe Yehowa ƒe dzovɔsalã la dzi ato dzo wo. Ale nunɔla alé avu nɛ le eƒe nuvɔ̃, si wowɔ la ta, eye woatsɔe akee.


Eye wòatsɔ agbo, si so blibo, eye wòdze na fɔɖiŋuvɔsa la, ava nunɔla gbɔ, eye nunɔla la nalé avu ne le eƒe ŋu, si wòɖe ɖi, eye menyae o la ta, eye woatsɔe akee.


Eye nunɔla la natsɔ fɔɖivɔsalã ƒe ʋu ƒe ɖe asisi ɖe amesi ŋu kɔm wole la ƒe ɖusitogboe, ɖusidegblefetsu kple ɖusifɔdegblefetsu ŋu.


Eye wòatsɔ xevi gbagbe la kple sederti, ka dzẽ kpakple isop la ato xeviʋu, si wotso ɖe tɔsisi me tsi ŋgɔ la me,


Eye wòatsɔ evelia asa numevɔe ɖe ɖoɖo la nu. Ale nunɔla la alé avu nɛ ɖe eƒe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta, eye woatsɔe akee.


Eye woatɔ dzo lã la ƒe amiawo katã le vɔsamlekpui la dzi abe akpedavɔsalã ƒe ami ene. Ale nunɔla la alé avu nɛ le eƒe nuvɔ̃ la ta, eye woatsɔe akee.


Eye woawo nyitsu la, abe alesi wòwɔa nuvɔ̃ŋutivɔsa-nyitsu lae ene. Ale nunɔla la ale avu na wo, eye woatsɔe ake wo.


Eye woawu alẽvi, si wole fɔɖivɔ sa gee la, eye nunɔla natsɔ fɔɖivɔsalã ƒe ʋu ƒe ɖe asisi ɖe amesi ŋu kɔm wole la ƒe ɖusitogboe, ɖusidegblefetsu kple ɖusifɔdegblefetsu ŋu.


Eye wòatsɔe ava nunɔla la gbɔe, eye nunɔla la naku eƒe asiʋlo ɖeka aku ɖe Yehowa ƒe dzovɔsa la dzi atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi hena ŋkuɖoɖo dzi, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.


Ne mate ŋu ana akpakpa eve alo ahɔnevi eve hã o la, ekema wòatsɔ wo memee eta ɖeka ƒe ewoliawo ɖeka asa vɔe ɖe eƒe vo, si wòda la ta; makɔ ami ɖe edzi o, eye makpe dzudzɔdonu hã ɖe eŋu o, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.


Eye wògblɔ nam bena: Amevi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Vɔsamlekpui la ƒe ɖoɖowo nye esi: Ne wowɔe vɔ, be woasa numevɔ le edzi, eye woawu ʋu ɖe edzi la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite